INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/97 axa 3-6
  • Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Ʋua Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe Mɔnu Ði
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe Wu Wɔwɔ—Ehiã Mí
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tu Ðetsɔleme Ðo to Tɔtrɔyi Nyuiwo Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tɔtrɔyi Siwo Le Bɔbɔe Hetsea Ku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 3/97 axa 3-6

Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo

1 Ðe tɔtrɔyiwo wɔwɔ vivia nuwòa? Evivia gbeƒãɖela geɖe nu. Ðewohĩ àvɔ̃ zi gbãtɔ vevietɔ ne ètrɔ yina amesiwo meɖe ɖetsɔleme fia boo zi gbãtɔ si nèdo go wo o la gbɔ. Gake ne mía Mawu na ‘dzideƒo wò be nàgblɔ nyanyuia’ le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me la, ɖewohĩ awɔ nuku na wò be nàkpɔe be dɔ sia wɔwɔ le bɔbɔe eye viɖe le eme. (Tes. I, 2:2) Aleke?

2 Le nyateƒe me la, vovototo gã aɖe le tɔtrɔyi kple ame gbɔ yiyi zi gbãtɔ dome. Amesi nènya gbɔe nètrɔ yina ke menye amesi mènya o, eye zi geɖe la, dzeɖoɖo kple ame nyanyɛ nɔa bɔbɔe wu dzeɖoɖo kple amesi mènya o. Viɖe nyui siwo dona tsoa tɔtrɔyiwo wɔwɔ me enye be ate ŋu ana nàwɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ tsekuwo.

3 Ne míele dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme la, míeyia amesiwo metsɔ ɖeke le eme esi míedo go wo va yi o gbɔ zi geɖe. Ke nukatae míeganɔa wo gbɔ yim? Míede dzesii be nɔnɔme siwo me amewo le trɔna eye be amesi metsɔ ɖeke le eme o alo tsi tre ɖe mía ŋu zi gbãtɔ la ate ŋu atsɔ ɖe le eme ne míegatrɔ yi ɣebubuɣi. Míenyae alea eyata míedzrana ɖo nyuie hedoa gbe ɖa be Yehowa nayra mí bene nya si míagblɔ fifia nalé dzi na wo.

4 Ne míelɔ̃na ɖea gbeƒã na amesiwo metsɔ ɖeke kura le eme tsã o le aƒeme yi aƒeme dɔa me la, ɖe mele be míalɔ̃ geɖe wu atrɔ ayi amesiame si ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu gbɔ oa?—Dɔw. 10:34, 35.

5 Mía dometɔ geɖe míele nyateƒea me egbea le esi gbeƒãɖela aɖe tsɔ dzigbɔɖi trɔ va mía gbɔ zi geɖe ta. Ne èle amesiawo dome la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Aleke mexɔ gbeƒãɖela ma zi gbãtɔ? Ðe mexɔ Fiaɖuƒe gbedasia enumake zi gbãtɔ si meseea? Ðe wòanye be nyemetsɔ ɖeke le eme oa?’ Ele be míakpɔ dzidzɔ be gbeƒãɖela si trɔ va la bu mí be míedze yeatrɔ va mía gbɔ eye ‘Mawu na dzideƒoe’ wòtrɔ va hedze nyateƒea fiafia mí gɔme. Ke amesiwo tsɔ ɖe le eme gbã gake emegbe wonɔ taflatse dom ya ɖe? Kakaɖedzi ƒe nɔnɔme le vevie abe alesi nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ɖee fia ene.

6 Gbeɖeka ŋdikanya esi gbeƒãɖela eve nɔ ɖase ɖim le ablɔdzi la, wodo go aƒenɔvi aɖe wònɔ ɖevi aɖe tutum le vidzĩkeke me. Nyɔnua xɔ magazine eye wòkpe nɔvinyɔnuawo be woava ye ƒeme le Kwasiɖagbe. Wova le ɣeyiɣi si woɖo dzi tututu, gake aƒemenɔla la gblɔ na wo be vovo mele ye ŋu yeaɖo dze o. Gake edo ŋugbe be yeakpɔ vovo le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Nɔvinyɔnuawo meka ɖe edzi be awɔ ɖe gbeɖoɖia dzi o, gake aƒenɔvia nɔ anyi nɔ wo lalam hafi wotrɔ yi. Wodze nusɔsrɔ̃ gɔme eye nyɔnua ƒe ŋgɔyiyi wɔ nuku ale gbegbe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, ete kpekpewo dede edziedzi eye wònɔ gbeadzi hã yim. Exɔ nyɔnyrɔ fifia.

7 Dzra Megbea Ðo le Yiyi Zi Gbãtɔ Me: Zi geɖe la, yiyi zi gbãtɔ mee wodzraa megbe ɖo na tɔtrɔyi si adze edzi wɔwɔ. Ðo to nyuie nàse nya siwo aƒemenɔla agblɔ. Nya kawoe wogblɔna na wò? Mawusubɔsubɔ dzɔa dzi nɛa? Ðe hadomenyawo ɖea fu nɛa? Ðe wòtsɔ ɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya mea? le blemanudzɔdzɔwo mea? alo yame ƒe nɔnɔme mea? Hafi nàdzo la, àte ŋu abia nya aɖe si ana wòabu tame lae eye nàgblɔ be ne yegava la, yewoadzro ŋuɖoɖo si Biblia na me.

8 Le kpɔɖeŋu me, ne Biblia me ŋugbedodo le paradisonyigba ŋu dzɔ dzi na aƒemenɔlaa la, asɔ be miayi nyati ma me dzodzro dzi. Hafi nàdzo la, àte ŋu abia be: “Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu awɔ ŋugbedodo sia dzi?” Emegbe gagblɔ be: “Mate ŋu ava ne ƒomea me tɔ mamlɛawo gbɔ ale be mafia mi alesi Biblia ɖo nya sia ŋui.”

9 Ne aƒemenɔla la meɖe ɖetsɔleme fia ɖe nyati tɔxɛ aɖeke ŋu o la, ke àte ŋu abia nya siwo wobiana le dzeɖonya siwo wotana ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ megbe la dometɔ ɖeka eye nàtu numedzodzro si miagava wɔ ɖe edzi.

10 Wɔ Nuŋlɔɖiwo Woade Pɛpɛpɛ: Ele be aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖi siwo nàwɔ la nasɔ ahade pɛpɛpɛ. Ŋlɔ aƒemenɔla la ŋkɔ kple adrɛs enumake ne èdzo le egbɔ. Mègatsɔe be ɖewohĩ aƒea ƒe xexlẽdzesi alo mɔdodoa ŋkɔ anye esi alo ekemɛ o—lé ŋku ɖe nuŋɔŋlɔa ŋu nàkpɔ be nenemae wòle hafi nàŋlɔe. Ŋlɔ nane tso amea ƒe dzedzeme ŋu. Ŋlɔ nyati si me miedzro, mawunyakpukpui siwo miexlẽ, agbalẽ ɖesiaɖe si nènae, kple biabia si ŋu nàɖo ne ègatrɔ yi la ɖi. Ŋlɔ ŋkeke kple ɣeyiɣi si nèyi egbɔ zi gbãtɔ kple ŋkeke kple ɣeyiɣi si nègblɔ be yeagava la ɖi. Fifia si wò nuŋlɔɖia de la, mègabui o! Dzrae ɖo nyuie ale be nàte ŋu akpɔe emegbe. Nɔ tame bum tso amea kple alesi nàƒo nui ne ègatrɔ yi ŋu.

11 Nya Wò Taɖodzinuwo: Do vivi ɖe aƒemenɔla la ŋu xɔlɔ̃tɔe gbã eye nàdze agbagba ɖesiaɖe ana wòaɖe dzi ɖi. Ðee fia be yetsɔ ɖe le eya ŋutɔ me, gake mègatsɔe ba hae o. Emegbe ɖo ŋku nya si nèbiae esi nèyi egbɔ nyitsɔ la dzi nɛ. Ðo to nyuie nàse eƒe nukpɔsusu, eye gblɔe nɛ tso dzime be eƒe nyaŋuɖoɖoa dze ye ŋu ŋutɔ. Azɔ gblɔ nusitae Biblia ƒe nukpɔsusu nyo la nɛ. Ne anya wɔ la, he eƒe susu yi nyati aɖe si do ƒome kplii le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me dzi. Nenɔ susu me na wò nyuie be wò taɖodzinu vevitɔ le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me enye be nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.

12 Alesi wogblɔ nyawo tẽ le Sidzedze-gbalẽa me la na mía dometɔ geɖe ‘míekpɔa dzideƒo’ le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me be míade dzi ƒo na nusrɔ̃viwo be woade kpekpewo ahade ha kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Tsã la, ɖe míelalana amewo srɔ̃a nu ɣeyiɣi didi aɖe hafi míekpea wo be woade ha kpli mí. Fifia nusrɔ̃vi geɖe le kpekpewo dem esi wodze nusɔsrɔ̃ gɔme ko, eye esia na wole ŋgɔyiyi wɔm kabakaba wu.

13 Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a woɖi ɖase na dɔwɔhati aɖe le vome. Esi wògblɔ be nyateƒea dzɔ dzi na ye la, wogblɔ nɛ be yewoawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii le Sidzedze-gbalẽa me. Ɣeyiɣi ma ke me wogblɔ nɛ be ele be wòanɔ kpekpewo dem, afisi woaɖo eƒe biabia geɖe ŋu le. Menye ɖeko ŋutsua lɔ̃ ɖe nusɔsrɔ̃ si wotsɔ ɖo eŋkume dzi o ke esrɔ̃nɛ zi eve kwasiɖa ɖesiaɖe eye wòdze kpekpewo dede gɔme edziedzi le Fiaɖuƒe Akpata me.

14 Zã Agbalẽ Gbadza Si Nye Nukae Mawu Di tso Mía Si?: Míexɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpewo me. Agbalẽ gbadza sia nyo ŋutɔ woatsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple mawuvɔ̃lawo eɖanye afikae wode suku se o. Nusɔsrɔ̃ gbogbo aɖe le eme siwo ku ɖe Biblia me nufiafia veviwo ŋu. Agbalẽa anye dɔwɔnu vevi aɖe míatsɔ afia sidzedze Mawu amewo. Eɖe nyateƒea me bɔbɔe eme kɔ ale gbegbe be mí katã kloe míate ŋu atsɔe afia Mawu ƒe nudidiwo ame bubuwo. Anɔ eme be mɔnukpɔkpɔ asu gbeƒãɖela geɖe si be woatsɔ agbalẽ gbadza sia awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃e.

15 Ðewohĩ ame aɖewo siwo tsɔe be yewomakpɔ vovo asrɔ̃ Sidzedze-gbalẽa o la alɔ̃ atsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe anɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa srɔ̃m. Nusiwo woasrɔ̃ la adzɔ dzi na wo ŋutɔ! Le axa eve alo etɔ̃ pɛ ko me la, woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ŋu amewo de ŋugble le ƒe alafa geɖe: Amekae nye Mawu? Amekae nye Abosam? Tameɖoɖo kae le Mawu si na anyigba la? Nukae nye Mawu Fiaɖuƒea? Aleke nàwɔ ake ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu? Togbɔ be agbalẽ gbadza la ɖe nyateƒea me bɔbɔe hã la, emenyawo ɖe kpe ŋutɔ. Nyati vevi siwo me hamemegãwo adzro kple amesiwo axɔ nyɔnyrɔ la katã le eme eye ate ŋu anye dɔwɔnu si woatsɔ adzra ame ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ detowo ŋu le Sidzedze-gbalẽa me.

16 Be nàtsɔ nusɔsrɔ̃ aɖo amea ŋkume ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ ko be: “Ènya be yeate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na Biblia me nyabiabia vevi aɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko mea?” Ke bia nya aɖee le nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖeka ƒe gɔmedzedze le agbalẽ gbadzaa me. Le kpɔɖeŋu me, ne ame tsitsi gbɔe nèyi la, àte ŋu agblɔ be: “Míenya be Yesu da dɔ na amewo va yi. Gake le etsɔme ɖe, nukae Yesu awɔ na dɔnɔwo? ame tsitsiwo? ame kukuwo?” Ŋuɖoɖoawo le nusɔsrɔ̃ 5 lia me. Amesi mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na la akpɔ dzidzɔ ɖe biabia sia ŋu be: “Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã?” Woɖo eŋu le nusɔsrɔ̃ 7 lia me. Ƒomea me tɔwo adi be yewoanya be: “Nukae Mawu di tso dzilawo kple ɖeviwo si?” Woakpɔ ŋuɖoɖoa ne wosrɔ̃ nusɔsrɔ̃ 8 lia. Biabia bubuwoe nye: “Ðe ame kukuwo ate ŋu awɔ nuvevi ame gbagbewoa?” woɖe eme le nusɔsrɔ̃ 11 lia me; “Nukata subɔsubɔha geɖe gblɔna be Kristotɔwoe yewonye?” wodzro eme le nusɔsrɔ̃ 13 lia me; kple “Nukae wòle be nàwɔ ale be nàva zu Mawu xɔlɔ̃?” woɖo eŋu le nusɔsrɔ̃ 16 lia me.

17 Kpe Ðe Amesiwo Doa Gbe Bubuwo Ŋu: Ke aƒemenɔla siwo doa gbe bubuwo ya ɖe? Ne anya wɔ la, ele be woafia nu wo le gbe si wose nyuie me. (Kor. I, 14:9) Dugãdzikpɔla (alo nenye kɔƒe mee la, ke nutome sue dzikpɔla) ate ŋu ana mianya nu tso hame kple ƒuƒoƒo siwo me wodoa dutagbewo le le nutoa me ŋu. Ekema agbalẽŋlɔla la ate ŋu atsɔ agbalẽvi si nye “Foreign Language Follow-Up Slip” (S-70) siwo hamea me tɔwo tsɔ nɛ la aɖo ɖe hame alo ƒuƒoƒo si me wodoa dutagbe ma le. Ne womedoa gbe ma le hame alo ƒuƒoƒo aɖeke me le afima o eye gbeƒãɖela aɖeke hã mese aƒemenɔlaa degbe o la, gbeƒãɖela la ate ŋu adze agbagba azã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa le gbegbɔgblɔ eveawo me asrɔ̃ nu kple amea.

18 Gbeƒãɖela aɖe si doa Eŋlisigbe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ŋutsu aɖe si doa Vietnamgbe kple srɔ̃a si doa Thailandgbe. Agbalẽ kple Biblia siwo le Eŋlisigbe, Vietnamgbe, kple Thailandgbe mee wotsɔ srɔ̃ nuae. Togbɔ be gbemasemase ɖe fu le gɔmedzedzea hã la, gbeƒãɖelaa ŋlɔ be: “Srɔ̃tɔawo wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me enumake. Wokpɔe be ehiã eyata wodze kpekpewo dede gɔme kple wo vi eveawo, eye ƒomea nɔa anyi xlẽa Biblia fiẽ sia fiẽ. Wole Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple wo vinyɔnuvi si xɔ ƒe ade la ŋutɔ hã vovo.”

19 Ne èle nu srɔ̃m kple amesiwo doa gbe bubu la, ƒo nu blewu, gblɔ nyawo ɖekaɖeka, eye nàzã nya kple nyagbe bɔbɔewo. Gake nènɔ susu me na wò be ele be woade bubu amesiwo doa gbe bubuwo ŋu. Mele be woawɔ nu ɖe wo ŋu abe ke vidzĩwoe wonye ene o.

20 Wɔ nɔnɔmetata dzeani siwo le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me ŋudɔ alesi dze. Ne “nɔnɔmetata ɖeka sɔ kple nya akpe ɖeka la,” ke nɔnɔmetata gbogbo siwo le agbalẽ gbadzaa me la agblɔ nya gbogbo aɖe ŋutɔ na aƒemenɔla la. Kpee be wòaxlẽ mawunyakpukpuiawo le eya ŋutɔ ƒe Biblia me. Ne miate ŋu awɔ nusɔsrɔ̃a le ɣeyiɣi si me ƒomea me tɔ si se gbe si dom nèle la li aɖe egɔme la, ɖikeke mele eme o be aɖe vi geɖe.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, Vol. 33, No. 11, axa 7-8 [November 1990, axa 7-8]; September 1984, axa 4; October 1993, axa 7.

21 Mègahe Ðe Megbe le Tɔtrɔyiwɔwɔ Ŋu O: Ɣeyiɣi didi kae nàlala hafi atrɔ ayi? Gbeƒãɖela aɖewo trɔna yina ŋkeke ɖeka alo eve le yiyi zi gbãtɔ megbe. Bubuwo trɔna yina emegbe gbemagbe ke! Ðe wogayi kaba akpa? Zi geɖe la, meɖea fu na aƒemenɔlawo o. Zi geɖe gbeƒãɖela si le tɔtrɔyia wɔm boŋ sie wòhiã be kakaɖedzi geɖe wu kple dzideƒo vi aɖe hã nanɔ. Se nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna ɖa.

22 Gbeɖeka gbeƒãɖela aɖe si xɔ ƒe 13 nɔ dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme esi wòkpɔ nyɔnu eve wonɔ zɔzɔm. Esi wònye dzideƒo si wona mí be míaɖe gbeƒã na amewo le afisiafi si míekpɔ wo le nɔ susu me nɛ ta la, ete ɖe nyɔnuawo ŋu le mɔa dzi. Wotsɔ ɖe le Fiaɖuƒe gbedasia me eye wo dometɔ ɖesiaɖe xɔ Sidzedze-gbalẽa. Nɔviŋutsu ɖekakpuia xɔ woƒe adrɛswo, etrɔ yi le ŋkeke eve megbe eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple wo dometɔ ɖesiaɖe.

23 Nɔvinyɔnu aɖe wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ayi ame aɖe gbɔ le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Gake ŋkeke ɖeka alo eve le yiyi zi gbãtɔ megbe la, eto afima be yeatsɔ magazine si ƒo nu tso nyati si me yewodzro va yi ŋu la ana aƒemenɔla la. Egblɔ na aƒemenɔla la be: “Mekpɔ nyati sia eye mekpɔe be àdi be yeaxlẽe. Nyemate ŋu atɔ aɖo dze fifia o, gake mava Kuɖagbe ŋdɔ abe alesi míeɖoe ene. Ɣeyiɣi ma gasɔ na wò ɖe?”

24 Ne ame tsɔ ɖe le nyateƒea me la, míenya be ado go yometiti aɖe kokoko. Ne míetrɔ yi le yiyi zi gbãtɔ megbe kpuie la, ado ŋusẽe be wòanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu ɖesiaɖe si atso ƒometɔwo, xɔlɔ̃ veviwo, kple ame bubuwo gbɔ la nu.

25 Nyɔ Amesiwo Nèdo Go le Dua me ƒe Ðetsɔleme: Gbeƒãɖeɖe le ablɔdzi, ʋutɔɖoƒewo, le ʋuwo me, le asiƒleƒewo, le modzakaɖebɔwo me, kple teƒe bubuwo dzɔa dzi na mía dometɔ geɖe. Hekpe ɖe agbalẽ nana ŋu la, ele be míanyɔ woƒe ɖetsɔleme. Esia ta ele be míadze agbagba axɔ ɖetsɔlemetɔ ɖesiaɖe si míekpɔ la ƒe ŋkɔ, adrɛs, kple ne anya wɔ la, eƒe telefonxexlẽdzesi. Nusiawo xɔxɔ mesesẽ abe alesi ɖewohĩ nàsusui ene o. Ne dzeɖoɖoa yina enu wu ge la, ɖe wò nuŋlɔɖigbalẽ ɖe go eye nàbia be: “Ðe mɔnu aɖe li si dzi míato ayi dzeɖoɖo sia dzi ɣebubuɣia?” Alo gblɔ be: “Madi be nàxlẽ nyati aɖe si meka ɖe edzi be avivi nuwò la. Matsɔe vɛ na wò le wò aƒeme alo dɔwɔƒea?” Nɔviŋutsu aɖe ya ɖeko wòbiana kpuie be: “Xexlẽdzesi kae matsɔ aƒo ka na wò?” Egblɔ be le ɣleti etɔ̃ me la, amewo katã lɔ̃ tsɔ woƒe telefonxexlẽdzesi na ye negbe ame etɔ̃ koe gbe.

26 Ƒo Ka na Amewo Nànyɔ Woƒe Ðetsɔleme: Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe ƒoa ka na amewo le teƒe siwo womelɔ̃na kura amewo yina o. Mɔ ma ke dzie wòtona wɔa tɔtrɔyiwo hã. Zi gbãtɔ la, egblɔna be: “Menya be mèdze sim o. Mele agbagba dzem vevie be make ɖe amesiwo le miaƒe nutoa me ŋu ne míaɖo dze le Biblia me nya aɖe ŋu. Ne àkpɔ vovo vie la, madi be maxlẽ ŋugbedodo si le . . . na wò.” Ne exlẽ mawunyakpukpuia vɔ la, egblɔna be: “Ðe manyo ŋutɔ ne ɣeyiɣi ma ava oa? Edzɔ dzi nam be mexlẽ nya sia na wò. Ne edzɔ dzi na wò hã la, ke madi be magaƒo ka na wò ne míadzro mawunyakpukpui bubu me.”

27 Ne egaƒo ka la, eɖoa ŋku dze si woɖo va yi dzi na aƒemenɔla la eye wògblɔna be yeadi be yeaxlẽ alesi nɔnɔmeawo anɔ ne woɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa la nɛ tso Biblia me. Emegbe woa kple aƒemenɔla la woɖoa dze kpui aɖe tso Biblia me. Le ame gbogbo siwo wòɖo dze kple le telefon dzi dome la, ame 35 kpee be wòava yewo ƒeme eye wòdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ adre gɔme! Ðe yame ƒe nɔnɔmewo, alo dɔléle wɔnɛ be tɔtrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ sesẽna na wò ɣeaɖewoɣia? Ne nenemae la, nukatae mànɔ ka ƒom na wo o?

28 Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔ Siwo Ŋu Nèke Ðo le Fiasewo me Gbɔ: Dɔwɔwɔ tso fiase me yi fiase me bia nu geɖe wu magazinewo nana ko. Fiasetɔ geɖe tsɔa ɖe le nyateƒea me anukwaretɔe, eye ele be woatu ɖetsɔleme ma ɖo. Le teƒe aɖewo la, miate ŋu adzro Biblia me alo asrɔ̃ nu gɔ̃ hã le fiasea me. Le teƒe bubuwo la, mia kple ɖetsɔlemetɔa miate ŋu ado go le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi alo ɣeyiɣi bubu si asɔ dzi.

29 Dzikpɔla mɔzɔla aɖe yi fiase sue aɖe tɔ gbɔ eye wòbe yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wòakpɔ. Esi wòbia dzikpɔla mɔzɔla la be ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hã la, ebe aɖabaƒoƒo 15 pɛ ko wòaxɔ. Enumake fiasetɔa ŋlɔ nu klã ɖe ʋɔtrua nu be: “Mitrɔ Va le Aɖabaƒoƒo 20 Megbe,” ehe zikpui eve doe eye wo ame evea wodzro Sidzedze-gbalẽa ƒe memamã atɔ̃ gbãtɔawo me. Nusi anukwaretɔ sia srɔ̃ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ede Dutoƒo Kpekpea kple Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒea Kwasiɖagbe ma eye wòlɔ̃ be yewoayi nusɔsrɔ̃a dzi le kwasiɖa si kplɔe ɖo me.

30 Be nàwɔ nusɔsrɔ̃ kple amewo le fiasewo me la, àte ŋu agblɔ be: “Aɖabaƒoƒo 15 koe míetsɔ wɔa alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe wɔwɔfiae. Ne asɔ na wò la, adzɔ dzi nam be mawɔ alesi míewɔnɛ nàkpɔ.” Ke wɔ ɖe ɣeyiɣi si míeɖo dzi. Ne manya wɔ be miadzro nu me ɣeyiɣi didi le fiasea me o la, ɖewohĩ asɔ wu be nàyi fiasetɔa gbɔ le aƒeme.

31 Trɔ Yi Ne Womexɔ Agbalẽ Aɖeke O Hã: Woxɔ agbalẽ alo womexɔe o, ne wotsɔ ɖe le eme ko la, edze be nàtrɔ ayi. Gake ne eva dze keŋ be aƒemenɔla la metsɔ ɖeke le Fiaɖuƒe gbedasia me kura o la, anyo wu be nàtrɔ susu ɖe ame bubu ŋu.

32 Nɔvinyɔnu aɖe do go ɖetugbi aɖe si kɔ mo ɖee nyuie le aƒeme yi aƒeme dɔa me, gake egbe kura be yemaxɔ magazine o. Gbeƒãɖela la ŋlɔ be: “Mebu tame tso eŋu ŋkeke geɖe eye meɖoe be magaɖo dze kplii.” Mlɔeba nɔvinyɔnua do gbe ɖa, eye wòtsɔ dzideƒo yi ɖaƒo ʋɔ na ɖetugbia. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi aƒemenɔla be wòage ɖe eme. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme eye wogasrɔ̃e ake le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, aƒemenɔla va xɔ nyateƒea.

33 Miwɔ Ðoɖo Do Ŋgɔ ne Miawɔ Dɔ Geɖe: Míekafui be woatsɔ ɣeyiɣi aɖe kwasiɖa ɖesiaɖe awɔ tɔtrɔyiwo. Ðoɖo nyui wɔwɔ ana woawɔ dɔ geɖe. Miwɔ ɖoɖo miawɔ tɔtrɔyiwo le afima ke si miawɔ aƒeme yi aƒeme dɔa le. Ne mietsɔ ʋu yi gbeadzii la, ƒuƒoƒoawo nenɔ sue ale be amesiame nakpɔ mɔnu bliboe awɔ tɔtrɔyiwo. Mina ʋukula la nanya afisi miawɔ tɔtrɔyiawo le do ŋgɔ ale be maku ʋua ayi afisi mehiã o.

34 Amesiwo kpɔa dzidzedze le tɔtrɔyiwo wɔwɔ kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze me la gblɔ be ehiã ŋutɔ be nàtsɔ ɖe le eme na amewo ahabu wo ŋu vevie ne èdzo le wo gbɔ vɔ gɔ̃ hã. Egahiã be nàdi Biblia me nyati lédziname si me miadzro eye nàdzra megbea ɖo na tɔtrɔyi wɔwɔ hafi nàdzo le egbɔ le yiyi zi gbãtɔ me. Azɔ hã ele vevie be nàtrɔ ayi kaba aɖatu ɖetsɔlemea ɖo. Ele be Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ƒe taɖodzinua nanɔ susu me na wò vevie ɣesiaɣi.

35 Nɔnɔme vevi si na wokpɔa dzidzedze le tɔtrɔyiwɔwɔdɔa me enye dzideƒo. Aleke wokpɔnɛ? Apostolo Paulo ɖo eŋu be ‘Mawue naa dzideƒo mí’ be míagblɔ nyanyuia na ame bubuwo. Ne ehiã be nàwɔ ŋgɔyiyi le go sia me la, do gbe ɖa na Yehowa wòakpe ɖe ŋuwò. Azɔ wɔ nu wòasɔ ɖe wò gbedodoɖa nu eye nàtrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo katã gbɔ. Yehowa ayra wò agbagbadzedzewo godoo!

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Alesi Nàwɔ Tɔtrɔyi Wòadze Edzi

■ Tsɔ ɖe le eme na amewo vevie.

■ Tia Biblia me nyati lédziname si me miadzro.

■ Dzra megbea ɖo na tɔtrɔyi ɖesiaɖe si nàwɔ.

■ Nɔ amea ŋu bum ne èdzo le egbɔ vɔ.

■ Trɔ yi le ŋkeke ɖeka alo eve megbe nàtu ɖetsɔlemea ɖo.

■ Wò taɖodzinu be nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme la nenɔ susu me na wò.

■ Do gbe ɖa bia kpekpeɖeŋu be nàkpɔ dzideƒo awɔ dɔ sia.

[Nyaɖoɖo si le axa 6]

Woawɔ Dukɔwo Dome Takpekpewo le ƒe 1998 Me

Abe alesi woɖe gbeƒãe le Memleɖa, October 5, 1996 dzi, le Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, ƒe ƒe sia ƒe takpekpe me ene la, Dziɖuha la le ɖoɖo wɔm be woawɔ dukɔwo dome takpekpewo le ƒe 1998 me. Woawɔ dukɔwo dome takpekpe geɖe akpe ɖe nutome gã takpekpe siwo wowɔna ɖaa la ŋu le Dziehe Amerika kple Afrika, Asia, Europa, Latin Amerika, Caribbean nutome, kple Anyiehe Pacific hã.

Woawɔ takpekpe tɔxɛ siawo dometɔ geɖe le Dziehe Amerika, eye woakpe vavalawo tso xexeame godoo. Dutanyanyuigblɔlawo hã ava dukɔwo dome takpekpe siawo. Woakpe dutanyanyuigblɔlawo kple ame bubu siwo le subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔm le duta ƒe etɔ̃ ya teti eye wodze la be woayi takpekpe siawo dometɔ ɖeka le wo de alo teƒe si tsɔ wo gbɔ.

Nyatakaka bubu siwo ku ɖe ɣletiŋkeke, teƒewo, nusiwo woadi tso vavalawo si, vavala siwo tso duta ŋuti ɖoɖowo, kple numeɖeɖe bubuwo ŋu ava emegbe. Mɔnukpɔkpɔ anɔ anyi na takpekpedela ʋee aɖewo siwo tso United States be woayi dukɔwo dome takpekpeawo le dukɔ bubuwo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe