INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/10 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Lé To Ðe Nya Kɔkɔewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Mizɔ Abe Alesi Wòdze Nyanyui La Ene
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 1/10 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Nu kae mí katã míate ŋu awɔ be toɣliɖeɖe fũu naganɔ kpekpeawo me o? (5 Mose 31:12)

Be míaɖee afia be míedea bubu Yehowa kple ɖoɖo si wòwɔ na mí be míade kpekpeawo ŋu la, wodea dzi ƒo na mí katã be míava kaba, eye míanɔ klalo be wòafia nu mí. Anyo be míanɔ ŋgɔgbezikpuiawo dzi ahagblẽ megbezikpuiawo ɖi na ame siwo si ɖevi suewo le kple ame siwo tsia megbe ɣeaɖewoɣi. Hafi kpekpea nadze egɔme la, ele be míakpɔ egbɔ be míaƒe asitelefonwo kple elektrɔnikmɔ bubuwo maɖe toɣli ame bubuwo o. Ne vavalawo katã bu kpekpea be enye subɔsubɔwɔna vevi la, ekema toɣliɖeɖe boo aɖeke manɔ anyi o.—Nyagb. 5:1; Flp. 2:4.

Ne ame yeye aɖe te kpekpeawo vava la, hamea me tɔ si dze sii la ate ŋu anɔ anyi ɖe egbɔ. Esia le vevie, vevietɔ ne vi suewo le esi, siwo gbɔ wòle be wòakpɔ. Ðewohĩ zi gbãtɔe nye ema si ƒome aɖe va kpekpea. Ne nenemae la, ɖewohĩ woadi be yewoanɔ megbe lɔƒo, ale be womaɖe toɣli amewo ne eva hiã be woatso vie akpɔ wo viwo gbɔ o. (Lod. 22:6, 15) Mele be dzila siwo si vi suewo le la naɖe ɖe aga ale be wo viwo nava nɔ fefem o. Anyo be dzilawo nakplɔ wo viwo ado goe aɖagbe nya na wo alo akpɔ wo gbɔ le xexe ne ehiã, emegbe woa kple ɖeviawo woagava xɔa me.

Anyinɔƒegbɔkpɔlawo ƒe dɔe nye be woakpɔ egbɔ be nu siwo le edzi yim le tadeaguƒea la sɔ. Wokpena ɖe ƒomewo kple ame siwo ɖewohĩ wotsi megbe la ŋu be woakpɔ teƒe anɔ anyi. Wonyae be ele be yewoabu amewo ŋu ahadze aɖaŋu ale be ne wole kpekpem ɖe amewo ŋu be woakpɔ teƒe anɔ anyi la, woagaɖe toɣli ame bubuwo o. Ne ame aɖe le toɣli ɖem la, wokpɔa egbɔ aɖaŋutɔe. Ne ɖevi aɖe le toɣli ɖem la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woakplɔe ado goe.

Mí ame siwo katã va ƒo ƒu be míasubɔ Mawu la míate ŋu akpɔ egbɔ be toɣliɖeɖe fũu naganɔ kpekpeawo me o ne míele nu srɔ̃m tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖo be yeatrɔ xexea wòazu afi si ŋutifafa kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ la ŋu.—Heb. 10:24, 25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe