INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/00 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo
    Nyɔ!—2002
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Mawusubɔsubɔ Kple Se la
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 5/00 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Aleke anyinɔƒegbɔkpɔlawo ate ŋu ado alɔ dzilawo be woakpe ɖe wo viwo ŋu woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu le kpekpeawo me?

Ŋusẽ geɖe le ɖeviwo ŋu le dzɔdzɔme nu, eye teƒe ɖeka nɔnɔ kpoo ɣeyiɣi didi mema wo o. Le kpekpeawo megbe la, ŋusẽ yeye gaɖoa ɖeviwo ŋu si ate ŋu awɔe be woanɔ du ƒum akplɔ ɖevi bubuwo ɖo le Fiaɖuƒe Akpataa me alo takpeƒe bubuwo, le ʋutɔɖoƒea, alo afɔtoƒea. Gake aleke gbegbe lododo sia nye nyateƒee nye si be: ‘Ðevi tsibodome dea ŋukpe mo na edzila.’—Lod. 29:15.

Ewɔ nublanui be míagblɔ be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo dometɔ aɖewo xɔ abi vevie le esime ɖeviwo ƒu du va lɔ wo hetutu wo ƒu anyi ta. Esia he fukpekpe dzodzro kple gazazã madzemadzee vɛ na dzilawo kple hamea. Le ɖeviawo ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe dedienɔnɔ ta la, mele be woaɖe mɔ na ɖeviwo woanɔ du ƒum ahanɔ fefem le Fiaɖuƒe Akpataa me alo egodo o.

Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi le dzilawo dzi be woahe wo viwo be woade bubu si dze míaƒe tadeaguƒewo ŋu. (Nyagb. 5:1a) Le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo me la, wodea dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo be woakpɔ egbɔ be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe” eye nuwo nayi edzi le ‘ɖoɖo nyui’ nu. (Kor. I, 14:40; Kol. 2:5) Ele be woanɔ ŋudzɔ do ŋgɔ na kpekpea wɔɣi, ewɔɣi, kple le kpekpea megbe, le xɔa me kple gota siaa. Ne ɖevi aɖe le du ƒum alo le aglãdzenu wɔm la, anyinɔƒegbɔkpɔla ate ŋu atɔ tee le tufafa me eye ate ŋu aɖe nusita womeda asi ɖe nuwɔna siawo ƒomevi dzi o me na ɖevia. Ele be wòaƒo nu tso kuxia ŋu na ɖevia dzilawo hã kple alesi wòhiã be woƒe ŋku nanɔ ɖeviawo ŋu. Ele be dzilawo nawɔ afɔɖeɖe si sɔ.

Wode dzesii be vidzĩ kple ɖevi suewo te ŋu faa avi alo ɖea toɣli amewo le kpekpeawo wɔɣi. Ne anyinɔƒegbɔkpɔlawo va ɖo aɖabaƒoƒo 20 do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze la, woate ŋu asusɔ megbe zikpui ʋɛ siwo le takpeƒea ɖi na vidada siwo adi be yewoanɔ afima kple yewo vi suewo. Ele be mí ame susɔeawo míawɔ nu kpli wo aduadu agblẽ zikpui siawo ɖi na wo.

Ne ɖevi aɖe le tɔtɔ aɖe hem vɛ la, ele be edzila naɖe afɔ atsɔ atsi enui. Ne dzila mewɔ naneke tso eŋu o eye toɣliɖeɖea va le amewo ƒe susu hem la, ele be anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe nabia tso dzila la si tufafatɔe be nètsɔ ɖevia do goe le takpexɔa me. Ne míekpe ame yeye siwo si ɖevi suewo le va kpekpeawo la, ele be míanɔ anyi ɖe wo gbɔ eye míakpe ɖe wo ŋu ne wo viwo le avi fam alo wole toɣli ɖem amewo le mɔ bubuwo nu.

Dzi dzɔa mí ne míekpɔ ɖevi siwo xɔ ƒe vovovowo le Fiaɖuƒe Akpataa me eye ne míekpɔ agbe nyui siwo wonɔna le Mawu ƒe aƒea me. (Tim. I, 3:15) Ne wode bubu Yehowa ƒe tadedeaguɖoɖoa ŋu la, enyea bubu nɛ eye hamea me tɔwo katã kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe