INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/10 axa 1
  • Da Akpe Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ La Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Da Akpe Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ La Ta
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àwɔ Mɔnukpɔkpɔa Ŋu Dɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Mina Míada Akpe Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 17 Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Tafea Naɖe Vi na Wo Míaɖu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ðo Taɖodzinuwo Le Ŋkuɖodzi Ƒe Ɣeyiɣia Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 3/10 axa 1

Da Akpe Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ La Ta

1. Nu vevi ka ƒe akpee míedana na Yehowa?

1 “Nunana nyui” geɖe siwo Yehowa na mí la dometɔ gãtɔe nye ale si wòna Via lɔlɔ̃a va xe fe ɖe mía ta. (Yak. 1:17) Esia wɔe be woate ŋu ayra mí le mɔ geɖewo nu, eye yayra siawo dometɔ ɖekae nye ale si woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake míi. (Ef. 1:7) Míedaa akpe ɖe esia ta ɖaa. Míedia ɣeyiɣi dea ŋugble le nunana vevi sia ŋu etɔxɛe le Ŋkuɖodziɖuɣia.

2. Nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe míaƒe ƒomea kple ame bubuwo ŋu woada akpe ɖe tafea ta?

2 Kpe Ðe Wò Ƒomea Ŋu Woada Akpe Ðe Eta: Be miaƒe ƒomea nada akpe ɖe nunana sia ta la, ɖe manyo be, le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɣi le March 30 lia dzi la, miadi ɣeyiɣi le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsiwo adzro nyati siwo ku ɖe tafea ŋu me oa? Azɔ hã, mina ƒomea nazɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me dzi. Wò ŋutɔ de ŋugble le ale si tafea ɖe vi na wòe kple ale si wòna nègava dze si Yehowa ɖe edzii ŋu, eye nàbu ale si wòna nèva bua ɖokuiwò kple ame bubuwoe kple ale si mɔkpɔkpɔ va le asiwò ɖe etsɔme ŋui ŋuti. Anyo hã be nàsrɔ̃ ha yeye eve siwo míadzi le Ŋkuɖodzia hã nyuie: Hadzidzi 8 lia kple 5 lia.—Ps. 77:13.

3. Mɔ ka dzie míato ada akpe ɖe tafea ta?

3 Ale Si Míada Akpee: Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la, ekema aʋã mí míaƒo nu tso Yehowa kple ale si gbegbe wòlɔ̃ mí be wòdɔ Via ɖe mí la ŋu na amewo. (Ps. 145:2-7) Ƒome aɖewo wɔa ɖoɖo be ƒomea me tɔ ɖeka ya teti nawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, alo May me atsɔ ada akpe ɖe tafea ta. Ne mɔɖeɖedɔa manya wɔ o hã la, ɖe nàte ŋu ‘aƒle ɣeyiɣi’ aɖi ɖase na ame geɖe wua? (Ef. 5:16) Míadi hã be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woawo hã nade Ŋkuɖodzia kpli mí. (Nyaɖ. 22:17) Ŋlɔ ame siwo gbɔ nàtrɔ ayi, ame siwo nèle nu srɔ̃m kplii, ƒometɔ, dɔwɔhati kple aƒelika siwo nàdi be yeakpe la ƒe ŋkɔ ɖi fifia, eye nàkpe ame ale si nu nàte ŋui na Ŋkuɖodzia.

4. Mɔ kawo nue míate ŋu ana Ŋkuɖodziɖuɣia naɖe vi na mí le?

4 Mɔnukpɔkpɔ sua mía si le Ŋkuɖodziɖuɣia be míaɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòna ameƒomea la ŋu ale gbegbe. Mina míazã ɣeyiɣi ma atsɔ akpe ɖe mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu woada akpe ɖe tafea kple “Kristo la ƒe kesinɔnu gbogbo manyaxlẽawo” ta.—Ef. 3:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe