Àwɔ Mɔnukpɔkpɔa Ŋu Dɔa?
Ŋkuɖodzi Si Gbɔna Ana Míada Akpe
1. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae Ŋkuɖodzia ana wòasu mía si?
1 Ŋkuɖodzi si míawɔ le April 14 dzi la ana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ nasu mía si be míada akpe na Yehowa ɖe eƒe nyuiwɔwɔ ta. Nuŋlɔɖi si le Luka 17:11-18 ɖe ale si Yehowa kple Yesu bua akpedadae fia. Nublanuitɔe la, kpodɔléla ewo siwo woda dɔ na dometɔ ɖeka koe wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ da akpe. Le etsɔme la, woato tafea dzi ada míaƒe dɔlélewo katã keŋkeŋ ahana agbe mavɔ mí. Ðikeke mele eme o be tso ekema dzi la, míanɔ akpe dam na Yehowa gbe sia gbe ɖe eƒe yayrawo ta. Gake aleke míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia le kwasiɖa siwo gbɔna me?
2. Nu ka wɔwɔe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?
2 Nye Akpedala: Susu si le mía si ku ɖe nane ŋu ye ana míanye akpedalawo. Be woakpe ɖe mía ŋu míada akpe ɖe tafevɔsaa ta la, wota Ŋkuɖodzia ƒe Biblia xexlẽ tɔxɛa ƒe ɖoɖowɔɖia ɖe agbalẽ vovovo me, abe míaƒe ɣletigbalẽa kple Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia ene. Ðe manyo be míadzro wo me abe ƒome ene oa? Esia wɔwɔ ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu nadzi ɖe edzi. Eye esia akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi.—2 Kor. 5:14, 15; 1 Yoh. 4:11.
3. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia le Ŋkuɖodziɖuɣia?
3 Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia: Ame ƒe nuwɔnae ɖenɛ fiana be ekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu. (Kol. 3:15) Kpodɔléla akpedalaa dze agbagba di Yesu heda akpe nɛ. Eye ɖikeke mele eme o be eƒo nu tso ale si wòda dɔ nɛ nukutɔe la ŋu na amewo dzonɔamemetɔe. (Luka 6:45) Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu aʋã wò nàkpɔ gome le Ŋkuɖodzia ƒe amekpekpedɔ tɔxɛa me veviedodotɔea? Mɔ bubu si dzi nàto ada akpe ɖe tafea tae nye be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me geɖe wu le Ŋkuɖodziɖuɣia. Le fiẽ si míawɔ Ŋkuɖodzia me la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu aʋã mí míaxɔ amekpekpewo alɔ evee ahanɔ klalo be míaɖo biabia siwo le wo si la ŋu.
4. Nu kae míawɔ be míagabu fɔ mía ɖokui ne Ŋkuɖodzia va yi o?
4 Ðe esia anye Ŋkuɖodzi mamlɛtɔa? (1 Kor. 11:26) Míenya o. Gake míenyae be, ne enya va yi ko la, mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be míada akpe ɖe eta la hã nue nye ema yi. Eya ta àwɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔa? Neva eme be míaƒe akpedanyawo kple míaƒe dzimesusuwo nadze Yehowa, Ame si na tafea mí dɔmenyotɔe la ŋu.—Ps. 19:15.