INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/10 axa 3
  • Do Alɔ Ame Si Mia Kplii Miele Gbea Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do Alɔ Ame Si Mia Kplii Miele Gbea Dzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mèganye Zɔhɛ Si Zia Ðoɖoe Ko O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Nye Zɔhɛ Nyui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Mina Míatu Mía Nɔewo Ðo Le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 3/10 axa 3

Do Alɔ Ame Si Mia Kplii Miele Gbea Dzi

1. Vi kae wòɖena ne míele dɔ wɔm eveeve le gbea dzi?

1 Gbe ɖeka esi Yesu dɔ nusrɔ̃la 70 be woayi aɖaɖe gbeƒã la, edɔ wo “eveveve.” (Luka 10:1) Ðoɖo sia anya kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu wodo alɔ wo nɔewo hede dzi ƒo na wo nɔewo esi wole gbeƒã ɖem. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame si míele dɔ wɔm kplii le gbea dzi la ŋui?

2. Ne ame evelia le ɖase ɖim la, aleke míaɖee afia be míele to ɖom, eye nu ka tae wòle be míawɔe alea?

2 Ðo To Nyuie: Ne ame evelia le ɖase ɖim na ame aɖe la, ɖo to nyuie. (Yak. 1:19) Ne ele mawunyakpukpui aɖe xlẽm la, ʋu Biblia nàkplɔe ɖo. Eɖanye mia kple ame si yi gbea dzi ye le nu ƒom alo aƒemenɔlae o, nɔ egbɔ kpɔm. Ne wò to le dzeɖoɖoa ŋu vevie la, ana aƒemenɔla hã naɖo to.

3. Ɣekaɣi ame si mía kplii míele gbea dzi la adi be míage ɖe dzeɖoɖoa me?

3 Nya Ɣekaɣi Nàge Ðe Dzeɖoɖoa Me: Ne míele gbeadzi, eye ame evelia le dze ɖom kple ame aɖe la, ele be míade bubu eŋu aɖe mɔ nɛ be wòayi eƒe nya dzi. (Rom. 12:10) Mele be míaxɔ nyaa le enu o. Ne eƒe nyawo bú ɖee, alo aƒemenɔlaa di be yeatsi dzeɖoɖoa nu alo bia nya aɖe, eye ame evelia di be míakpe ɖe ye ŋu la, ekema míadze agbagba ayi nya si gɔme wòdze la dzi, ke menye be míatsɔ nyati bubu kura ava tu anyi o. (Lod. 16:23; Nyagb. 3:1, 7) Ele be nya siwo míagblɔ la nagaɖi ɖase geɖe wu na amea.—1 Kor. 14:8.

4. Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me, eye dɔa natse ku?

4 Esi nusrɔ̃la 70 siwo ma eveeve la wu gbeƒãɖeɖedɔa nu la, ‘wotrɔ gbɔ kple dzidzɔ.’ (Luka 10:17) Ne míeɖoa to nyuie henya ɣekaɣi míage ɖe dzeɖoɖoa me ado alɔ ame si mía kplii míele gbea dzi la, ekema míawo hã míakpɔ dzidzɔ, eye míaƒe dɔa atse ku.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe