INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/10 axa 3-5
  • “Àte Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa Nyuie Ŋutɔ!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Àte Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa Nyuie Ŋutɔ!”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Fifiae Nye Ɣeyiɣi si Wòle Be Woaɖe Gbeƒã!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 5/10 axa 3-5

“Àte Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa Nyuie Ŋutɔ!”

1. Aleke nɔvinyɔnu aɖe se le eɖokui me ku ɖe mɔɖeɖedɔ si wòwɔ ŋu?

1 “Dɔ aɖeke meli, si ana nye dzi nadze eme alo ana maxɔ gbɔgbɔ me yayra alea gbegbe, abe dɔ sia ene o.” Aleae Kathe B. Palm gblɔ. Ewɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe le Chile le South America kple teƒe bubuwo. Ðewohĩ esi ame aɖe bu yayra siwo gbegbe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo kpɔna ŋu la, egblɔ na wò be: “Àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa nyuie ŋutɔ!”

2. Nu ka tae gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ mee dzidzeme vavãtɔ tsona?

2 Enana Ame Ƒe Dzi Dzea Eme Le Agbe Me: Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu, kpɔ dzidzeme vavãtɔ esi wòwɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu. (Yoh. 4:34) Eya ta nyateƒee Yesu to na eƒe nusrɔ̃lawo esi wòfia nu wo be dɔ siwo do ƒome kple Yehowa subɔsubɔ mee dzidzeme vavãtɔ tsona. Míaƒe dzi dzea eme le agbe me ne míekpɔe be dɔ siwo ŋu Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo la wɔmee míele. Eye ne míezã míaƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ, míaƒe ŋusẽ kple nunɔamesiwo ɖe dɔ sia ŋu la, míaƒe dzidzɔ agba go ɖe edzi.—Dɔw. 20:31, 35.

3. Dzidzɔ kae míakpɔ ne míezã ɣeyiɣi geɖe le subɔsubɔdɔa me?

3 Zi ale si míezã ɣeyiɣi geɖe le subɔsubɔdɔa me la, zi nenemae mɔnukpɔkpɔ geɖewo ʋuna ɖi be míasrɔ̃ Biblia kple amewo. Ne subɔsubɔdɔa wɔwɔ va ma mí, eye míeva bi ɖe eme nyuie la, míava kpɔe be míaƒe anyigbamama ate ŋu atse ku wu ale si míesusui tsã, ne enye afi si aƒemenɔlawo melɔ̃na ɖoa to le o gɔ̃ hã. Ame siwo wɔ mɔɖeɖedɔa wòde ƒe ɖeka la dea Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku, eye hehe nyui si woxɔ le afi ma la ate ŋu aɖe vi geɖe na wo. (2 Tim. 2:15) Ne míedoa vevie nu la, ekema ɖewohĩ míanɔ nyateƒea ƒe ku aɖewo ƒãm, siwo ava tse emegbe.—Nyagb. 11:6.

4. Nu ka ŋue wòle be sɔhɛ siwo le suku nu wum la nabu?

4 Sɔhɛwo: Esi wòsusɔ vie nàwu gɔmedzesuku nu la, ɖe nède ŋugble nyuie le nu si nàva wɔ le etsɔ me ŋu vɔa? Va se ɖe fifia, sukudɔwo koe xɔ wò ɖoɖowɔɖiwo ƒe akpa gãtɔ. Nu kae nàwɔ fifia kple ɣeyiɣi gbogbo ma si ava tsi anyi na wò? Le esi teƒe be nàdi dɔwɔɖui si axɔ wò ɣeyiɣiwo katã la, ɖe manyo be nàɖoe be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ahado gbe ɖa le eŋu oa? Ŋutete siwo nàva tu ɖo—ale si nàɖe gbeƒã na ame vovovowo ƒomevi, ale si nàɖu mɔxenuwo dzi, ale si nàsrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu, kple ale si nàwɔ abi le nufiafia me—la aɖe vi na wò le wò agbe me katã.

5. Aleke dzilawo kple hamea me tɔwo katã ate ŋu ade mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dzi ƒo?

5 Dzilawo, ɖe miele miaƒe akpa dzi wɔm be miakpe ɖe mia viwo ŋu be woƒe susu nanɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋua? Nya siwo miegblɔna kple kpɔɖeŋu nyui siwo mieɖona la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33) Ray, si dze mɔɖeɖedɔa gɔme esi wòwu sekɛndrisuku nu la, gblɔ be: “Danye gblɔna nam ɣesiaɣi be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nana ame ƒe dzi dzea eme le agbe me.” Hamea me tɔwo katã ate ŋu ato woƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo me ade mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dzi ƒo. Jose, si tso Spain, gblɔ be: “Míaƒe hamea me tɔwo katã bua mɔɖeɖedɔa be eyae nye dɔ nyuitɔ si sɔhɛwo awɔ le agbe me. Woƒe nyagbɔgblɔwo kple ale si wokafua mɔɖeɖedɔa kpakple ale si wokpe ɖe ŋunyee na medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.”

6. Nu kae míate ŋu awɔ ne mɔɖeɖedɔa wɔwɔ mele mía dzrom fifia o?

6 Mɔxenuwo Dzi Ðuɖu: Gake ɖewohĩ àgblɔ be: ‘Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ medzroam o.’ Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, ekema do gbe ɖa na Yehowa tso ale si nèsena le ɖokuiwò mee ŋu, eye nàgblɔ nɛ be: ‘Nyemenya ne mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o, gake medi be mawɔ nu si dzea ŋuwò.’ (Ps. 62:9; Lod. 23:26) Emegbe kpɔe ɖa be aleke wòafia mɔ wò to eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzii hã. Mɔɖela geɖewo ‘ɖɔ’ mɔɖeɖedɔ ‘kpɔ’ to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me gbã, eye ale si wose vivi nɛ la ʋã wo wotsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔ woƒe agbemedɔe.—Ps. 34:9.

7. Ne míeka ɖe edzi be míate ŋu akpɔ gaƒoƒo 70 si woadi tso mía si ɣleti sia ɣleti o la, nu kae míate ŋu awɔ?

7 Ke ne mèka ɖe edzi be yeate ŋu akpɔ gaƒoƒo 70 si woadi tso asiwò ɣleti sia ɣleti o ya ɖe? Ðe manyo be nàɖo dze tso eŋu na mɔɖela aɖe si hã susui alea tsã oa? (Lod. 15:22) Emegbe wɔ ɖoɖo vovovo siwo dzi ate ŋu anya wɔ na wò, eye nàŋlɔ wo ɖi. Ðewohĩ àva kpɔe be ele bɔbɔe be yeaƒle ɣeyiɣi siwo yezãna ɖe nu siwo mehiã boo o ŋu la dometɔ aɖewo atsɔ wɔ subɔsubɔdɔa.—Ef. 5:15, 16.

8. Nu ka tae wòle be míanɔ míaƒe nɔnɔmewo me dzrom edziedzi?

8 Gbugbɔ Ŋku Lé Ðe Wò Nɔnɔmeawo Ŋu: Míaƒe nɔnɔmewo tea ŋu trɔna zi geɖe. Eya ta anyo be nàgbugbɔ ŋku anɔ lélem ɖe wò nɔnɔmewo ŋu edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòsusɔ vie nàxɔ dzudzɔ le dɔ mea? Randy, si ɖoe xɔ dzudzɔ le dɔ me kaba la, gblɔ be: “Esia kpe ɖe ŋunye be mía kple srɔ̃nye míedze mɔɖeɖedɔa gɔme ɖekae, eye esia na mɔnukpɔkpɔ mí míeyi ɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe le. Nyametsotso sia he yayra gbogbo aɖe vae nam, gake yayra si ƒo wo katã tae nye dzitsinya nyui si va su asinye.”

9. Nu ka ŋue wòle be srɔ̃tɔwo nabu?

9 Esi srɔ̃tɔ aɖewo dzro woƒe nɔnɔmewo me nyuie la, wova kpɔe be mehiã be yewo ame evea siaa yewoawɔ dɔ o. Enye nyateƒe be esia abia be ƒomea me tɔwo nanɔ agbe tsɛ ya, gake yayra geɖe dona tso eme ne míetsɔ nuwo sa vɔe. John, si srɔ̃ ɖe asi le dɔ ŋu nyitsɔ laa kple susu be yeawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔ me la, gblɔ be: “Naneke medoa dzidzɔ nam de esia nu o: be manyae be srɔ̃nye kpɔ gome le gbɔgbɔmenuwo me ŋkeke bliboa katã.”

10. Nu kae ʋãa Kristotɔwo be woabu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu?

10 Xɔse Kple Lɔlɔ̃e Ʋãa Wo: Yehowa na gbeƒãɖeɖedɔa zu dɔ vevitɔ si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ. Eteƒe madidi o nuɖoanyi xoxo sia atsrɔ̃, eye ame siwo yɔa Yehowa ƒe ŋkɔa koe atsi agbe. (Rom. 10:13) Ne míelɔ̃e tso dzi blibo me, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ na mí ŋu la, aʋã mí míawɔ se si Via de na mí be míado vevie aɖe gbeƒã la dzi. (Mat. 28:19, 20; 1 Yoh. 5:3) Tsɔ kpe ɖe eŋuti la, ne míexɔe se be míele ŋkeke mamlɛawo me nyateƒe la, aʋã mí katã be míawɔ mía tɔ sinua le subɔsubɔdɔa me, esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li, wu be míanɔ xexea ŋu dɔ wɔm bliboe.—1 Kor. 7:29-31.

11. Ne ame aɖe gblɔ na mí be míate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa nyuie ŋutɔ la, aleke wòle be míabui?

11 Menye gaƒoƒo geɖe zazã le gbea dzi ƒe nya koe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye o; enye mɔ si dzi míetona ɖenɛ fiana be míetsɔ mía ɖokui na Mawu. Eya ta ne ame aɖe gblɔ na wò be àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa nyuie ŋutɔ la, se egɔme be ɖe wòle kafuwòm. Eye do gbe ɖa nàbu eŋu akpɔe ɖa be àte ŋu ava kpe ɖe ame siwo le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia, si me dzidzeme geɖe le la, wɔm ŋu hã.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Dzilawo, ɖe miele miaƒe akpa dzi wɔm be miakpe ɖe mia viwo ŋu be woƒe susu nanɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋua?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Yehowa na gbeƒãɖeɖedɔa zu dɔ vevitɔ si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe