INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/10 axa 2
  • Ðe Mele Nye Ŋutete Katã Wɔma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mele Nye Ŋutete Katã Wɔma?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èlɔ̃ Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Vevie Ŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ðe Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Mía Nyɔm le Gbɔgbɔ Mea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 7/10 axa 2

Ðe Mele Nye Ŋutete Katã Wɔma?

1. Nu kawoe ate ŋu ana Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe natsi dzi le eɖokui me?

1 Èbia nya ma ɖokuiwò kpɔa? Ðewohĩ mègate ŋu le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me abe tsã ene o, le tsitsi, lãmesẽkuxiwo, alo ƒomegbanɔamedziwo ƒe dzidzi ɖe edzi ta, eye esia tena ɖe dziwò. Nɔvinyɔnu aɖe si si vi etɔ̃ le la ŋlɔ bena ɣeaɖewoɣi la, yeƒe dzitsinya bua fɔ ye, elabena ɣeyiɣi kple ŋusẽ si wòzãna ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu wɔe be megatea ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le ale si míebua nuwo ŋui me?

2. Nu kae Yehowa di tso mía si?

2 Nu Si Yehowa Di Tso Mía Si: Ðikeke mele eme o be, mí katã míadi be míawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me. Gake vovototo gã aɖe le nu si míadi be míawɔ kple nu si míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ na mí míawɔ ŋutɔŋutɔ la dome. Nyateƒe si wònye be míadi be míawɔ geɖe wu la gɔ̃ hã nye kpeɖodzi be menye ɖe míenye ɖekematsɔlemetɔwo o. Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa nya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo la nyuie, eye menye nu si míate ŋu awɔ o lae wòdina tso mía si o. (Ps. 103:13, 14) Nu kae wòdi tso mía si? Edi be míasubɔ ye tso luʋɔ blibo me, edi be míawɔ míaƒe ŋutete katã.—Kol. 3:23.

3. Alekee míawɔ anya nenye be míele míaƒe ŋutete katã wɔm le subɔsubɔdɔa me?

3 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya nu si míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ na mí míawɔ? Míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ nuwo abe ale si wole ŋutɔŋutɔ ene. (Ps. 26:2) Mía xɔlɔ̃ Kristotɔ kpɔnuteƒe aɖe, si dzi míate ŋu aka ɖo, si nya mí nyuie eye mavɔ̃ be yeato nyateƒe na mí nenye be ehiã be míawɔ asitɔtrɔ aɖewo o, la hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. (Lod. 27:9) Ðo ŋku edzi hã be, esi wònye be nɔnɔmeawo tea ŋu trɔna ta la, anyo be míanɔ ŋku lém ɖe míaƒe nɔnɔmewo ŋu edziedzi.—Ef. 5:10.

4. Alekee wòle be míabu Biblia me ŋkuɖodzinya siwo wonaa mí ku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

4 Ale Si Wòle Be Míabu Ŋkuɖodzinyawoe: Ne amewo le duɖime kem la, wo dzi delawo nɔa ɣli dzi nɔa dzi dem ƒo na wo. Susua ye nye be woakpe ɖe duƒulaawo ŋu woaɖo woƒe taɖodzinua gbɔ, ke menye be woaɖe dzi le wo ƒo o. Le gɔmesese ma ke nu la, míaƒe viɖe tae wonaa Biblia me ŋkuɖodzinyawo kple dzideƒonamenyawo mí le míaƒe kpekpeawo kple agbalẽwo me be ‘míanɔ gbeƒãɖeɖe nya la dzi vevie’ ɖo, ke menye ɖe wòle fiafiam be míele míaƒe ŋutete katã wɔm o tae o. (2 Tim. 4:2) Kakaɖedzi nenɔ mía si be zi ale si míele agbagba dzem be míawɔ míaƒe ŋutete katã ko la, Yehowa aɖo ŋku míaƒe “dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃” si míeɖe fia la dzi eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Heb. 6:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe