Míagadzro Gbe Sia Gbe Mawunyakpukpuia Me Le Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Me Azɔ O
Tsã la, ne gbe sia gbe mawunyakpukpuia ku ɖe gbeadzisubɔsubɔa ŋu la, míetea ŋu dzroa eme kpuie ɣeaɖewoɣi le kpekpewo hena gbeadziyiyi me. Maganɔ alea azɔ o. Mele be woagazã Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia atsɔ awɔ numedzodzro le kpekpe hena gbeadziyiyi me azɔ. Abe ale si wònɔ tsã ene la, kpekpea dzi kpɔla ate ŋu azã Biblia, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽvia, Subɔsubɔ Suku gbalẽa, Reasoning gbalẽa (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii), kple agbalẽ bubu siwo ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Nɔvi siwo wode dɔ asi na be woakpɔ kpekpea dzi la nadzra ɖo nyuie be woana mɔfiame si dzi gbeƒãɖelawo ate ŋu azɔ ɖo la wo, be wòakpe ɖe ame siwo le gbeadzi yi ge gbe ma gbe la ŋu. Abe ale si wònɔ xoxoxo ene la, ele be kpekpea naxɔ miniti 10 va ɖo 15 ko, mawu nenema o; eye ele be wòanɔ kpuie wu ne wole ewɔ ge le hame ƒe kpekpe aɖe megbe teti ko.