Míaƒe Magazinewo—Wotrɔ Asi Le Wo Ŋu Be Woasɔ Na Ame Ƒomevi Vovovowo
1. Aleke kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la srɔ̃a apostolo Paulo?
1 Abe ale si ko apostolo Paulo gblɔ nya nyuia le mɔ vovovowo nu ale be eƒe asi nasu “ame ƒomeviwo katã” dzi ene la, kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la hã trɔa asi le míaƒe magazineawo ŋu be yeaɖo ame siwo le nɔnɔme ƒomevi vovovowo me eye dzixɔse vovovowo le wo si la ƒe dzi gbɔ. (1 Kor. 9:22, 23) Be míate ŋu awɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ŋu dɔ nyuie la, ele be ame siwo ƒomevi kluvi la taa wo na nanɔ susu me na mí.
2. Ame kawo koŋue wotrɔa asi le Nyɔ! magazinea ŋu na?
2 Nyɔ!: Ame siwo apostolo Paulo ƒo nu na esime wònɔ nu ƒom na “Atenetɔwo” la ƒomeviwoe wotaa magazine sia na. (Dɔw. 17:22) Atenetɔ mawo menye Kristotɔwo o, eye womenya nu boo aɖeke tso Ŋɔŋlɔawo ŋu hã o. Nenema kee ame siwo menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o alo eŋuti sidzedze aɖeke kura mesu wo si o lae wotrɔa asi le Nyɔ! magazinea ŋu na. Ðewohĩ womenya naneke tso Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ŋu o, eye ɖewohĩ womekana ɖe subɔsubɔha aɖeke dzi o, alo womenya be aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi na ame la le Biblia me o. Nyɔ! ƒe taɖodzinu vevi aɖee nye be wòakpe ɖe nuxlẽlawo ŋu woanya be Mawu vavã aɖe li. Magazine sia ƒe taɖodzinu bubue nye be wòana exlẽlawo naxɔ Biblia dzi se eye wòakpe ɖe wo ŋu woase egɔme be Yehowa Ðasefowo to vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ.
3. Ame kawo ƒomevi koŋ ye wotaa Gbetakpɔxɔ ƒe tataawo dometɔ ɖe sia ɖe na?
3 Gbetakpɔxɔ: Ame siwo dea bubu Mawu kpakple Ŋɔŋlɔawo ŋu va se ɖe afi aɖe la koŋ ye wotaa Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míenana la na. Biblia me sidzedze vi aɖe su wo si gake womese eƒe nufiafiawo gɔme nyuie o. Wosɔ kple nyasela siwo ŋu Paulo gblɔ le be ‘wovɔ̃a Mawu’ la. (Dɔw. 13:14-16) Yehowa Ðasefowo koŋ ye wotaa Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la na. Paulo xɔe se be ame siwo yeŋlɔ yeƒe lɛtawo na la nya Ŋɔŋlɔawo nyuie eye nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ su wo si xoxo. Nenema kee ame siwo dea míaƒe kpekpewo eye wonya nya siwo Ðasefowo lɔ̃a zazã kple susu siwo le megbe na nya siawo nyuie lae wotaa nyati siwo nɔa Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la me na.
4. Nu ka tae wòle be míanya magazine siwo míezãna le gbeadzi la dometɔ ɖe sia ɖe me nyawo nyuie?
4 Togbɔ be míenaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖe du le gbeadzi hã la, zi geɖe la, ɖeka ŋu ko míeƒoa nu tso le míaƒe dzeɖonyaa me. Eya ta ɖoe wò taɖodzinui be nànya wo dometɔ ɖe sia ɖe me nyawo nyuie. Ekema ànɔ klalo aƒo nu tso nyati siwo aɖe vi na ame siwo nèdoa goe la ŋu nyuie wu.