INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/11 axa 2
  • Mègahe Ðe Megbe O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègahe Ðe Megbe O
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Xexeame Katã ƒe Suku Kpɔdzidzedze aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Ðe Viwòwo Le Dzadzraɖoɖia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ŋkɔŋɔŋlɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 10/11 axa 2

Mègahe Ðe Megbe O

1. Nu ka wɔwɔe biaa dzideƒo, eye nu ka tae?

1 Ðe wòdzɔ kpɔ be èhe ɖe megbe le ɖaseɖiɖi le suku ŋu le esi nèle vɔvɔ̃m be woava ɖu fewu le ye ŋu ta? Le nyateƒe me la, ebiaa dzideƒo hafi nàte ŋu aʋu wò xɔse me, vevietɔ ne èkpea ŋu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò?

2. Aleke míate ŋu awɔ nuŋububu nyui ŋu dɔ ne míele ɖase ɖim le suku?

2 Wɔ Nuŋububu Nyui Ŋu Dɔ: Togbɔ be àte ŋu abu suku be enye wò anyigbamama tɔxɛ hã la, ɖo ŋku edzi be womele mɔ kpɔm be nàdze Biblia me dzeɖoɖo gɔme kple ame sia ame abe ale si wòanɔ ne èle gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me ene o. Wɔ nuŋububu nyui ŋu dɔ be nànya ɣeyiɣi si me wòasɔ be nàɖi ɖase. (Nyagb. 3:1, 7) Nyati si wotia na sukuxɔmenumedzodzro alo sukudɔdeasi aɖe la ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be nàʋu wò xɔse me. Alo ɖewohĩ wò sukuhati aɖe abia nya wò ku ɖe nu si tae mèkpɔa gome le wɔna aɖewo me o ŋu. Le sukuƒe yeye ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze la, Kristotɔ aɖewo nana woƒe nufialawo nyana be Yehowa Ðasefowoe yewonye, eye wonaa agbalẽ siwo ɖe míaƒe dzixɔsewo me la nufialaawo. Wo dometɔ bubuwo daa míaƒe agbalẽwo ɖe woƒe kplɔ̃ dzi be esia naʋã woƒe sukuhatiwo woabia nyawo.

3. Aleke nàte ŋu adzra ɖo be nàɖi ɖase le suku?

3 Dzra Ðo: Ne èdzra ɖo la, dzideƒo geɖe wu anɔ asiwò. (1 Pet. 3:15) Eya ta dze agbagba nàbu nyabiase siwo woate ŋu abia la ŋu do ŋgɔ, eye nàde ŋugble le ale si nàte ŋu aɖo wo ŋui la ŋu. (Lod. 15:28) Ne anya wɔ la, tsɔ wò Biblia kple agbalẽ ʋɛ aɖewo, abe Reasoning gbalẽa, Young People Ask gbalẽawo, kpakple agbalẽ bubu siwo ku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu ene, yi suku, ale be nàte ŋu azã wo ne eva hiã. Gblɔ na dziwòlawo be woawɔ ɖoɖo mianɔ ale si nàɖi ɖase le suku ƒe wɔwɔfiawo hã wɔm le miaƒe ƒometadedeagu me.

4. Nu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ ɖase ɖim le suku?

4 Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò: Mègasusui be wò sukuhatiwo aɖu fewu le ŋuwò ɣesiaɣi si nèƒo nu tso nyateƒea ŋu o. Wò dzinɔameƒo ana wò nu nado dzidzɔ na wo dometɔ aɖewo eye woate ŋu alɔ̃ aɖo to wò gɔ̃ hã. Gake dzi megaɖe le ƒowò ne wo dometɔ aɖeke melɔ̃ be yeaɖo to wò o. Ado dzidzɔ na Yehowa be etee kpɔ hafi wòglo. (Heb. 13:15, 16) Yi edzi nànɔ Yehowa biam be wòakpe ɖe ŋuwò ‘nàyi edzi agblɔ nya la kple dzideƒo katã.’ (Dɔw. 4:29; 2 Tim. 1:7, 8) Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ wòe ne wo dometɔ aɖe lɔ̃ ɖo to wò la ɖa. Ame ma ate ŋu ava zu hawòti Yehowa subɔla mlɔeba gɔ̃ hã!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe