INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/11 axa 1
  • Míenɔa Klalo Ɣesiaɣi Na Gbeƒãɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míenɔa Klalo Ɣesiaɣi Na Gbeƒãɖeɖe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • “Wɔ Nyanyuigblɔla Ƒe dɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 12/11 axa 1

Míenɔa Klalo Ɣesiaɣi Na Gbeƒãɖeɖe

1. Aleke míewɔ nya be nya nyui gblɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nɔa klalo ɣesiaɣi na gbeƒãɖeɖe?

1 Nya nyui gblɔla veviedola siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖe gbeƒã nya nyui la “madzudzɔmadzudzɔe” le afi sia afi si wokpɔ amewo le. (Dɔw. 5:42) Eya ta míate ŋu asusui kpɔ gbeɖe be, ne wole gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me la, wotoa amewo ŋu le mɔ dzi eye womeɖea gbeƒã na wo o. Ne woyi nu ƒle ge le asi me le kpakpã le gbeadzi vɔ megbe eye vomeɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu ɖi na wo la, womagbe eŋu dɔ wɔwɔ gbeɖe o. Abe Yesu ene la, wonɔa klalo ɣesiaɣi na gbeƒãɖeɖe.—Mar. 6:31-34.

2. Nu kae wòfia be míanɔ agbe wòasɔ kple míaƒe ŋkɔ la?

2 Ele Be Míanɔ Klalo Ɣesiaɣi: Menye dɔ si míewɔna la koe míaƒe ŋkɔ, Yehowa Ðasefowo, ɖena fiana o, ke eɖea ame siwo ƒomevi míenye hã fiana. (Yes. 43:10-12) Eya ta míenɔa klalo ɣesiaɣi be míaʋli mɔkpɔkpɔ si le mía si la ta, ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm o gɔ̃ hã. (1 Pet. 3:15) Ðe nèbua nɔnɔme siwo me nàte ŋu aɖi vomeɖase le la ŋu doa ŋgɔ hedea ŋugble le nya si nàte ŋu agblɔ ŋua? Ðe agbalẽwo nɔa ŋuwò ɣesiaɣi be nàte ŋu ana ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia? (Lod. 21:5) Ðe nèkakaa nya nyuia na amewo le teƒe bubuwo ne wò nɔnɔmeawo ɖe mɔa, alo tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔ koe nèwɔna?

3. Aleke wòasɔ nyuie be míayɔ gbeƒãɖeɖe le ablɔdzi, le ʋutɔɖoƒewo, le tsaɖibɔwo me, le asitsaƒewo kple bubuawo?

3 “Dutoƒo” Ðaseɖiɖidɔa: Apostolo Paulo gblɔ be yeɖe gbeƒã le “dutoƒo” kple tso aƒe me yi aƒe me. (Dɔw. 20:20) Eya ta asɔ be míayɔ gbeƒãɖeɖe le ablɔdzi, le ʋutɔɖoƒewo, le tsaɖibɔwo me, le asitsaƒewo, kple bubuawo be ‘dutoƒoɖaseɖiɖidɔ.’ Enye nyateƒe be gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me gakpɔtɔ nye mɔ vevitɔ kple esi ɖea vi wu, si dzi míetona tsɔa Fiaɖuƒegbedeasia yina na amewo ya. Ke hã amewoe nɔ vevie na ƒe alafa gbãtɔ me nya nyui gblɔlawo, ke menye aƒewoe o. Wowɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ƒo nu tso nyateƒea ŋu—le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa, vomeɖaseɖiɖidɔa, kple tso aƒe me yi aƒe me dɔa me. Mina tamesusu ƒe nɔnɔme ma ke nanɔ míawo hã si ale be míawɔ subɔsubɔdɔa ade goe.—2 Tim. 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe