Dzrae ɖo
Èle Agbalẽ Gbadza Siawo Zãma?
Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na ame siwo xɔe se be kukuawo gale agbe le teƒe aɖe eye be tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔwo li la
Ale si míanae: “Míedi be míanya wò susu le nya si Biblia gblɔ tso kukuawo ŋu le afi sia ŋu. [Xlẽ Nyagblɔla 9:5.] Èsusu be ŋusẽ le kukuawo si be woakpe ɖe mía ŋu alo awɔ nu vevi mía? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpeɖodzi geɖe le agbalẽ gbadza sia me siwo ɖee fia be susu aɖeke meli si tae wòle be míavɔ̃ kukuawo ɖo o.” Tsɔ agbalẽ gbadzaa nɛ.
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne ètrɔ yi la, xlẽ numeɖeɖe siwo le axa 2 kple axa 3 lia na aƒemenɔlaa, eye midzro nyabiase siwo le afi ma me ɖekae. Eyome zã mawunyakpukpui siwo le axa 5 lia nàtsɔ afiae be ŋusẽ aɖeke mele kukuawo si o. Mitia tanya aɖe le axa 3 lia, si me miava dzro ne ètrɔ yi.
Agbalẽ si Nyo na Amesiame
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na agbalẽnyala siwo menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o
Ale si míanae: Xlẽ 2 Timoteo 3:16, 17. Eyome gblɔ be: “Meɖe kuku, èlɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso abe ale si wogblɔe le afi sia enea? Alo èsusui be agbalẽ nyui aɖe koe wònyea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame akpa gãtɔ ɖoa nya sia ŋu le mɔ vovovowo nu, gake míekpɔe be ame ʋɛ aɖewo koe dzroa Biblia me be yewo ŋutɔwo yewoanya nya si tututu le eme. [Xlẽ nuteƒekpɔkpɔ si le tanyaa te le axa 3 lia.] Agbalẽ gbadza dodzidzɔname sia gblɔ susu nyui siwo tae wòle be ame siwo tso dukɔ ɖe sia ɖe kple xɔseha vovovowo me la nadzro nu siwo le Biblia me la me kpɔ.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ xɔ agbalẽ gbadzaa la, gblɔ nɛ be: “Susu aɖe si tae ame geɖe susui be nya vevi aɖeke mele Biblia me o lae nye be, subɔsubɔhawo gblɔa alakpanyawo ɖe Biblia ŋu hetrɔa gbo eƒe nufiafiawo. Ne metrɔ va la, madi be magblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe na wò.” Ne ètrɔ yi la, dzro nyatakaka siwo le axa 4-5 me kplii.
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na ame siwo mede suku boo o alo menya nuxexlẽ nyuie o
Ale si míanae: “Èsusu be anya wɔ be míazu Mawu xɔlɔ̃woa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Yakobo 2:23.] Wota agbalẽ gbadza sia be wòakpe ɖe mía ŋu míazu Mawu xɔlɔ̃wo, abe ale si wònɔ le Abraham gome ene.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Midzro nusɔsrɔ̃ 1 la katã alo eƒe akpa aɖe me nàtsɔ awɔ ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo la afia aƒemenɔlaa le yiyi zi gbãtɔ me alo ne ètrɔ yi egbɔ.
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Vavãa?
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na ame siwo tsi dzimaɖi ɖe kuxiwo ŋu egbea eye womeka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na yewo o
Ale si míanae: “Ame aɖewo bua fɔ Mawu ɖe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ siwo katã teƒe kpɔm wole le xexea me la ta. Wogblɔna be esi wònye be ŋusẽkatãtɔe Mawu nye ta la, ne ɖe wòtsɔ ɖe le eme na mí vavã la, anye ne eɖe míaƒe fukpekpewo ɖa. Nu kae nye wò susu le nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Psalmo 72:12-14 ɖee fia be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí vevie. Menye eya gbɔe fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tso o. Edo ŋugbe be, eteƒe madidi o, yeatsrɔ̃ nu vlo wɔlawo. Agbalẽ gbadza sia si ƒe tanyae nye, Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? la, ɖe nu si wɔ ge wòala kple ale si wòaɖe vi na míi la me.” Zã axa 27, memama 22, nàtsɔ ayi dzeɖoɖoa dzi, eye nàtsɔ agbalẽ gbadzaa nɛ.
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ xɔ agbalẽ gbadzaa la, gblɔ nɛ be: “Ame geɖe xɔ edzi se be Mawu li, gake womeka ɖe edzi be ebua fu siwo kpem míele la ŋu o. Ne metrɔ va la, ado dzidzɔ nam be míadzro tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu la me.” Ne ètrɔ yi la, midzro akpa 1, memama 3, 4; kple akpa 2, memama 1, 2 me.
Agbe si me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na ame siwo metsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o
Ale si míanae: “Míele míaƒe aƒelikawo srãm kpɔ, elabena ame geɖe dina be yewoakpɔ dzidzeme geɖe wu le agbe me. Mí katã míedoa go kuxi siwo nana míekpɔa dzidzɔ o. Ne edzɔ alea la, míedia aɖaŋuɖoɖo tso míaƒe ame vevi aɖe gbɔ, alo míewɔa numekuku le agbalẽwo me alo Internet dzi. Afi kae nèkpɔ be míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ewɔ nuku na ame aɖewo esi wokpɔe be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esia. [Tsɔ ta 2 lia fiae, eye nàxlẽ Biblia me nya siwo woyɔ, siwo xa woŋlɔ xexlẽdzesi ɖo la dometɔ ɖeka nɛ.] Agbalẽ gbadza sia ɖe ale si míawɔ akpɔ dzidzeme geɖe wu le agbe me la me.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne exɔ agbalẽa la, gblɔ be: “Ame geɖe see be nya siwo menye nyateƒe o la le Biblia me fũu. Ne metrɔ va la, madi be matsɔ nya aɖe si Biblia gblɔ, si wɔ ɖeka kple nyateƒenya siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo, si ado dzidzɔ na wò, la afia wò.” Ne ètrɔ yi la, midzro axa 12, memama 4 me.
The Origin of Life—Five Questions Worth Asking
Wotrɔ asi le eŋu na sɔhɛ Kristotɔ siwo wofiaa amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa le suku la, eye eɖea vi hã le ŋugbledede kple ame siwo nye nufiafia ma dzi xɔselawo, Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelawo, kple mawudzimaxɔselawo me (Menye ɖe wota agbalẽ gbadza sia be míanɔ emam le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me o.)
Ale si míanae ne míele ɖase ɖim na ame siawo ƒomevi: “Dzɔdzɔmeŋutinunya nusrɔ̃gbalẽwo katã kloe ƒoa nu tso amedzɔtsolãme ŋu. Èxɔe se be nufiafia dzro aɖe koe esia nyea, alo ɖe nèbunɛ be fifia wolɔ̃ ɖe edzi be enye nyateƒea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Be míawɔ nyametsotso nyui tso nya aɖe ŋu la, meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be, ehiã be míalé ŋku ɖe nya la ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu. Agbalẽ gbadza sia ƒo nu tso kpeɖodzi aɖewo siwo na ame geɖewo va xɔe se be ɖe wowɔ nu gbagbewo la ŋu.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne èyi suku la, da agbalẽa ɖeka ɖe wò kplɔ̃ dzi eye nàkpɔe ɖa be wò sukuxɔmehati aɖe adi be yeanya nu si le eme hã.
The Pathway to Peace and Happiness
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na Buddhatɔwo
Ale si míanae Buddhatɔ si nye ame tsitsi: “Ðewohĩ wò hã etsi dzi vevie ɖe ale si nuwɔna gbegblẽwo va bɔ le míaƒe ŋkekea me kple ŋusẽ si kpɔm nu siawo le ɖe mía viwo dzi la ŋu. Nu ka nèsusu be eya gbɔe wòtso be sɔhɛ geɖewo va le agbe maɖɔʋu nɔm alea gbegbe ɖo? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ènya be wogblɔ nya sia ɖi le agbalẽ aɖe si ŋɔŋlɔ gɔme wodze ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova ɖo Kristotɔwo, Hindutɔwo, kple Moslemtɔwo ƒe subɔsubɔwo anyi la mea? [Xlẽ 2 Timoteo 3:1-3.] De dzesii be agbenɔnɔ gbegblẽ mawo kpɔtɔ li togbɔ be amewo yi edzi le nu geɖewo srɔ̃m hã. [Xlẽ kpukpui 7 lia.] Nya siwo le agbalẽ sia me kpe ɖe ŋunye mese nyateƒenya aɖewo siwo ame akpa gãtɔ menya o la gɔme. Àdi be yeaxlẽa?”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne ègatrɔ va yi aƒemenɔlaa gbɔ, esi nèkpe ɖe eŋu wòva tsɔ ɖe le Biblia me vɔ megbe la, tsɔ nyabiase siwo le megbekpaa dzi fiae, eye nàtsɔ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe foto si dze le aɖaka si wòakpe ɖo atsɔ abiae me la fiae. Gblɔ nɛ be Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ɖeka le ye si, adi be yeakpɔe ɖa hã. Tsɔ eƒe axa si dzi woɖo emenyawo ɖo la fiae, eye midzro ta si eya ŋutɔ tia la ƒe memama ɖeka alo eve me.
Our Problems—Who Will Help Us Solve Them?
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na Hindutɔwo
Ale si míanae: “Ame geɖe siwo míeɖo dze kplii la le nu xam le vɔ̃ɖinyenye si teƒe kpɔm wole le xexea me la ta. Èsusu be Mawu ava ɖe kuxi siwo le xexe sia me ɖa gbe ɖeka? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Psalmo 37:11.] Nyagblɔɖi sia naa mɔkpɔkpɔ ame. Nya si míexlẽ fifi laa la tso Biblia, si nye agbalẽ si gɔme ame geɖewo mesena o eye womezãnɛ le mɔ nyuitɔ nu o, la me. Awɔ nuku na wò be nànyae be menye yevuwo ƒe agbalẽe Biblia nye o; medea dukɔ bubuwo dzi ɖuɖu ƒe dzi ƒo o, eye mebua dukɔ aɖe be enyo wu dukɔ bubu o. Gake ena mɔkpɔkpɔ mí be eteƒe madidi o, Mawu aɖe míaƒe kuxiwo ɖa. Mɔfiame vevi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe míaƒe kuxiwo dzi akpɔtɔ fifia gɔ̃ hã la le eme. Nyatakaka bubu geɖewo le agbalẽ gbadza sia me.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne ègatrɔ va yi aƒemenɔlaa gbɔ, esi nèkpe ɖe eŋu wòva tsɔ ɖe le Biblia me vɔ megbe la, tsɔ nɔnɔmetata siwo le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe axa 4-5 la fiae. Xlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti nɛ.
Will There Ever Be a World Without War?
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na Yudatɔwo
Ale si míanae: “Le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me la, amegbetɔwo kpe fu geɖe le aʋawɔwɔ ta. Èsusu be nu ka tae aʋawɔwɔ gakpɔtɔ li togbɔ be amewo gblɔna be yewodi ŋutifafa gɔ̃ hã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyagblɔɖi si le Yesaya 2:4 naa mɔkpɔkpɔ ame. [Xlẽe.] Ke hã nya sia fɔa biabia geɖe ɖe te: Ɣekaɣie Yesaya ƒe nyagblɔɖia ava eme, eye aleke wòava emee? Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ŋugbedodo siwo le Ŋɔŋlɔawo me la ava eme? Agbalẽ gbadza sia ɖo nyabiase siawo ŋu.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ xɔ agbalẽ gbadzaa la, na wòakpɔ eƒe axa 16-17 eye nàgblɔ nɛ be: “Ame geɖe hea susu yia tagbɔsesẽnuwɔnawo, abe Yudatɔwo tsɔtsrɔ̃ɖa ɖikaa ƒe nugbe si Nazitɔwo ɖo va yi ene la, dzi eye wobiana be, ‘Ne Mawu li vavã la, nu ka tae wòɖe mɔ fukpekpe li ɖo?’ Míate ŋu adzro nya sia me ne metrɔ va.”
The Guidance of God—Our Way to Paradise
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na Moslemtɔ siwo le nuto siwo me wovo ate ŋu asrɔ̃ Biblia me la
Ale si míanae: “Menyae be Moslemtɔwo xɔ Mawu vavã ɖeka la kple nyagblɔɖilawo katã dzi se. Nyateƒee wònyea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Madi be maɖo dze tso blemanyagblɔɖi aɖe si gblɔ be woava trɔ anyigbaa wòazu paradiso la ŋu na wò. Àdi be maxlẽ nya si nyagblɔɖilaa ŋlɔ ɖi la na wòa? [Xlẽ Yesaya 11:6-9.] Ame geɖe dina be yewoanya ale si Mawu awɔ ahe tɔtrɔ mawo ava anyigbaa dzi. Nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ tso nya sia ŋu la le agbalẽ gbadza sia me.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne aƒemenɔlaa xɔ agbalẽ gbadzaa la, gblɔ nɛ be: “Mawu ƒe agbalẽ sia ɖe eme be, le gɔmedzedzea me la, paradiso mee amegbetɔwo nɔ. Gake, ‘Aleke wòdzɔe be amegbetɔwo gbe Mawu ƒe mɔfiafia eye wobu paradiso la?’ Ɣebubuɣi si míagaɖo dze la, madi be maɖo nyabiase sia ŋu na wò.” Ne ètrɔ yi la, midzro nusɔsrɔ̃ si dze egɔme tso axa 6 lia la ƒe memama gbãtɔwo me.
Real Faith—Your Key to a Happy Life
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na Moslemtɔ siwo le nuto siwo me wovo ate ŋu asrɔ̃ Biblia me la
Ale si míanae: Tsɔ nɔnɔmetata siwo le axa 16-17 la fia aƒemenɔlaa eye nàbiae be: “Nu si kpɔm míele le afi sia la to vovo sãsãsã na nu siwo míekpɔna le xexea me egbea, alo? Èsusu be ate ŋu adzɔ be xexea me nava trɔ alea gbe ɖeka? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se ŋugbedodo aɖe si le Mawu ƒe agbalẽ sia me la ɖa. [Xlẽ mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖi la dometɔ ɖeka tso Biblia me.] Agbalẽ gbadza sia kpena ɖe mía ŋu xɔse vavã si nana míekana ɖe edzi be ŋugbedodo siawo ava eme la sua mía si.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Le miaƒe dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu la, bia aƒemenɔlaa be wòatia nyabiase ɖeka le esiwo le megbekpaa dzi la dome. Eyome wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava adzro ŋuɖoɖoa me kplii le agbalẽ gbadzaa me.
Lasting Peace and Happiness—How to Find Them
Wotrɔ asi le eŋu be wòado dzidzɔ na Chinatɔwo
Ale si míanae: “Egbea la, kuxi geɖewo le agbe me siwo ate ŋu ana be míanɔ dzidzɔ kpɔm o. Nu kae kpena ɖe ŋuwò nèkpɔa dzidzɔ togbɔ be kuxiwo li gɔ̃ hã? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖe kpɔa dzidzɔ esi wowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ta. [Xlẽ Psalmo 119:1, 2.] Ame aɖewo gblɔna be yevuwo ƒe agbalẽe Biblia nye. Gake bu nya sia ŋu kpɔ ko. [Midzro memama 16 lia si le axa 17 lia me.] Agbalẽ gbadza sia ƒo nu tso ale si míawɔ akpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa la ŋu.”
Àte ŋu ate esia hã kpɔ: Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ xɔ agbalẽ gbadzaa la, xlẽ memama 18 lia si le axa 17 lia la ƒe nyagbe etɔ̃ gbãtɔawo eye nàgblɔ be: “Ne metrɔ va la, madi be matsɔ nu si Biblia gblɔ be míanɔ mɔ kpɔm na le etsɔ si gbɔna me la afia wò.” Ne ètrɔ yi la, dzro memama 6 lia si le axa 30 lia la me kplii.