Eŋlisigbe Me Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Gɔme Sese Le Bɔbɔe Wu La Aɖe Vi Na Wòa?
Míele Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la ƒe Eŋlisigbe me tɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la tam fifia. Wotrɔ asi le tata sia ŋu na (1) gbeƒãɖela Eŋlisigbedola siwo gɔmeɖeɖe si le bɔbɔe wu aɖe vi na; (2) gbeƒãɖela siwo degbe menye Eŋlisigbe o gake wole Eŋlisigbe hame me; (3) ɖevi siwo le gɔmedzesuku kple sɔhɛ siwo le sekɛndrisuku; kpakple (4) Biblia nusrɔ̃vi siwo hiã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe ale be woate ŋu ase gbɔgbɔmenuwo gɔme nyuie.
Memamawo ƒe xexlẽdzesiwo, nyabiaseawo, kple tanyawo sɔ kple tata si míasrɔ̃ la tɔwo. Nya ɖeka koe le wo me, gake ale si wogblɔ nyawo le esia me la gɔme sese le bɔbɔe wu. Togbɔ be le Eŋlisigbe hamewo me la, Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo kple nuxlẽlawo siaa azã tata si míesrɔ̃na xoxo hã la, ame siwo le tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la zãm la akpɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ la kple nɔnɔmetatawo abe ale si wòle le ekemɛa me ene eye woate ŋu akplɔ memamawo ɖo ne wole wo xlẽm eye woate ŋu aɖo nyawo ŋu hã; gake nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa kple nuxlẽlaa siaa azã tata si gɔme sese le bɔbɔe wu nenye be eya zãmee ame siwo va kpekpea ƒe akpa gãtɔ wole. Mide Dzesii: Ðewohĩ gbeƒãɖela siwo mele Eŋlisigbe hamewo me o la akpɔe be aɖe vi na yewo be yewoazã tata yeye sia le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me.
Ame sia ame si kpɔe be tata sia aɖe vi na ye la, nadɔe le magazinedzikpɔlaa gbɔ wòanɔ vavam nɛ.