Gbetakpɔxɔ Yevugbe Me Tɔ Si Gɔme Sese Le Bɔbɔe Wu
ENYE dzidzɔ na mí be míaɖe gbeƒãe na mi be, tso ɣleti sia ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míasrɔ̃ dzi la, míanɔ Eŋlisigbe me tɔ si gɔme sese le bɔbɔe wu la tam aduadu kplii ɣleti sia ɣleti; enye nu si míeɖo be míado kpɔ hena ƒe ɖeka. Nusɔsrɔ̃nyatiwoe anɔ tata yeye sia me, eye ne míekpɔ be axa ƒuƒlu aɖewo asusɔ la, míatsɔ nyati bubu aɖewo hã akpe ɖe wo ŋu. Míeka ɖe edzi be tata sia aɖe vi na Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe eye wòakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ na wo. Nu ka tae?
Eŋlisigbe ye nye yevugbe si mía nɔviwo dona le dukɔ aɖewo me, abe Fiji, Ghana, Kenya, Liberia, Nigeria, Papua New Guinea, kple Solomon Islands ene. Togbɔ be mía nɔvi siwo le dukɔ siawo me la tea ŋu doa wo degbe bubuwo hã la, zi geɖe la, wodoa Eŋlisigbe le hame ƒe kpekpewo me kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ke hã Eŋlisigbe si wodona la le bɔbɔe wu esi míeŋlɔna ɖe míaƒe agbalẽwo me. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa subɔla bubuwo hã ʋu yi dukɔ siwo me wodoa Eŋlisigbe le me, evɔ womese gbea tututu o. Gawu la, wo degbe me hamewo mele afi mawo be woade kpekpeawo le wo degbe me o.
Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míedzrona kwasiɖa sia kwasiɖa le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me lae nye mɔ vevitɔ si dzi míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi le. Eya tae womezã nyagãnyagãwo le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la me o, eye wozã gbeŋutise si le bɔbɔe be nusɔsrɔ̃nyatiawo naɖe vi na ame siwo katã dea kpekpea. Tata yeye sia ƒe ŋgɔgbekpaa ato vovo. Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na kpakple esia ƒe nusɔsrɔ̃nyatiawo ƒe tanya suewo, memamawo, numetotobiabiawo, kple nɔnɔmetatawo asɔ. Le mɔ sia nu la, magazineawo dometɔ ka kee ɖale ame aɖe si o, ame sia ame ate ŋu akplɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ɖo ahakpɔ gɔme le eme. Kpɔ ete nàkpɔ ale si nusɔsrɔ̃nyati gbãtɔ ƒe memama 2 lia dze le tata eveawo mee ɖa be nàkpɔ vovototo si le nyagbeawo me.
Míele mɔ kpɔm be magazine yeye sia anye gbe siwo ame geɖe do ɖa na Yehowa be, “Na gɔmesesem, ne masrɔ̃ wò sededewo” la ŋu ɖoɖo. (Ps. 119:73, NW) Míeka ɖe edzi be esia awɔe be ame siwo mese Eŋlisigbe nyuie o kpakple ɖevi sue siwo nye Eŋlisigbedolawo siaa ate ŋu adzra ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie wu kwasiɖa sia kwasiɖa. Míetsɔ akpedadawo katã le Yehowa nam, elabena “[elɔ̃] nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã” eye wòle “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la zãm tsɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu nam mí le agbɔsɔsɔ gã aɖe me.—1 Pet. 2:17; Mat. 24:45.
Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha