Video Si Nye The Wonders of Creation Reveal God’s Glory
Ŋkuléle ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu doa dzidzɔ na ame geɖe. Gake ame ʋɛ aɖewo koe nya be nuwɔwɔwo ɖe nu geɖe fia tso mía Wɔla Gã la ƒe tamesusuwo kple seselelãmewo ŋu. (Rom. 1:20) Gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, David srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu to Eƒe Nya si gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖi la dzi. Gake esi David lé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu la, ɖeko wòle abe ɖe ‘wòkpɔ’ Mawu ene, eye esia na wòte ɖe Mawu ŋu. (Ps. 8:4, 5) Video si ƒe tanyae nye The Wonders of Creation Reveal God’s Glory la kpena ɖe míawo ŋutɔwo, mía viwo, kple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu míegbugbɔ léa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nyuie, eye míekpɔa mía Wɔla Gã la ƒe nɔnɔme nyuiwo kple eƒe amenyenye dzea sii, eye esia wɔnɛ be míetena ɖe eŋu kplikplikpli. Ne èkpɔ video sia vɔ la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna ŋu hã.
(1) Aleke xexe gbahoo la ƒe kekeme kple ɖoɖo si nu wòle na wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu dzi ɖe edzi? (Yes. 40:26) (2) Ne míelé ŋku ɖe tsi ƒe wɔwɔme ŋu nyuie la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ame si wɔe ŋu? (Nyaɖ. 14:7) (3) Aleke anyigba la ƒe lolome kple afi si wòle tso ɣea gbɔ la ɖe Yehowa ƒe nunya fiae? (4) Taɖodzinu ka tae wowɔ ɣleti ɖo? (Ps. 89:38) (5) Aleke Yehowa wɔ amegbetɔwoe be woase vivi na agbea? (6) Nu kae nye DNA alo domenyiŋusẽfianu? (Ps. 139:16) (7) Aleke amegbetɔwo to vovo sãsãsã le Yehowa ƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo katã dome? (1 Mose 1:26) (8) Nu kae nàdi be yeawɔ le xexe yeyea me?
Videoa Ƒe Akpa Si Ƒe Tanyae Nye Extra Features: (9) Nu ka gbɔe wòtso be míekpɔa amadedewo? (10) Aleke tsi wɔna ɖua nuheŋusẽ dzi heyia keke ati ƒe ɖɔme ke? (11) Dɔ kae tsi wɔna le míaƒe lãme? (12) Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖe ɖekawɔwɔ si le nu gbagbewo dome la fia. (13) Aleke nu gbagbewo wɔ nya be ele be yewoawɔ nu aduadu kple nu gbagbe bubuwo? (14) Nu kae woyɔna be “golden angle” (alo “dzogoe tɔxɛ”) la, eye aleke wòɖe dzesi le nuwɔwɔwo ŋu?
“Milé Ŋku Ðe” Yehowa Ƒe Asinudɔwɔwɔwo “Ŋu Nyuie”: Yesu de dzi ƒo na mí be “[míalé] ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie” eye “[míasrɔ̃] nu tso dzogbenya siwo le gbedadaƒo gbɔ.” (Mat. 6:26, 28) Esia wɔwɔ ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse, ana míaka ɖe Wɔla la dzi, eye wòana míakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunya, eƒe ameɖeŋusẽ, kple eƒe lɔlɔ̃ ŋu. Le esi xexe sia ƒe nutovɛwo nahe wò susu ɖa le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu madzemadzee teƒe la, di ɣeyiɣi eye nàdze agbagba alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu, eye nàde ŋugble le nu si fiam wole wò tso mía Mawu la ŋuti la ŋu.—Ps. 19:2.