INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 February axa 3
  • Ðe Nèkpɔa Mawu Ƒe Nɔnɔme Makpɔmakpɔawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèkpɔa Mawu Ƒe Nɔnɔme Makpɔmakpɔawoa?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Video Si Nye The Wonders of Creation Reveal God’s Glory
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Zã Nuwɔwɔwo Nàtsɔ Afia Nu Viwòwo Tso Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ale Si Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Fiana
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 February axa 3

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèkpɔa Mawu Ƒe Nɔnɔme Makpɔmakpɔawoa?

Ne èkpɔ seƒoƒo aɖe si le amadede me, ɣletivi siwo le yame, alo se tsitsetse ƒe gbeɖeɖe la, ɖe nèkpɔa Wɔlaa ƒe asinudɔwɔwɔwoa? Nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí nana míekpɔa Yehowa ƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo gaglã. (Ro 1:20) Ne míetɔ vie eye míede ŋugble le nu siwo kpɔm míaƒe ŋkuwo le ŋu la, míekpɔa Mawu ƒe ŋusẽ, lɔlɔ̃, nunya kple dzɔdzɔenyenye kpakple eƒe dɔmenyonyo.—Ps 104:24.

Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo nèkpɔna gbe sia gbe dometɔ aɖewo ɖe? Ne dugã mee nèle gɔ̃ hã, anɔ eme be èkpɔa xeviwo alo atiwo. Ne míeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ, susu nyui nanɔ mía si ɖe míaƒe kuxiwo ŋu, eye wòana míagaxɔ Yehowa dzi ase be alé be na mí yi mavɔ me. (Mt 6:25-32) Ne viwo le asiwò la, kpe ɖe wo ŋu woakpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kplii o la. Ne Mawu ƒe nuwɔwɔwo va le dzi lém na mí ɖe edzi la, ana míagate ɖe Wɔlaa ŋu wu.—Ps 8:3, 4.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MAWU ƑE NUWƆWƆ WƆNUKUWO ÐEA EƑE GÃNYENYE FIANA—KEKELI KPLE AMADEDE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae nana míekpɔa amadedewo?

  • Nu kae nana míekpɔa amadede vovovowo le amadede ɖeka ma me?

  • Nu ka tae míekpɔa amadede vovovowo le yame?

  • Amadede siwo dze le nu siwo Mawu wɔ me kawoe nèkpɔna le afi si nèle?

  • Nu ka tae wòle be míadi ɣeyiɣi atsɔ alé ŋku ɖe nu siwo Mawu wɔ ŋu?

Rose-seƒoƒo hɛ̃, kpakpaluʋui blɔ, atikutsetse siwo ƒe amadede le vovovo kple ɣedzedze

Nu kae kekeli kple amadede na míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe