Video Si Nye Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 1: Out of Darkness
Le Biblia me la, wotsɔa kekeli doa ƒome kple nyateƒe, gake wotsɔa viviti doa ƒome kple aʋatso. (Ps. 43:3; Yes. 5:20) Satana ye kplɔ xexea de viviti me esime wòble Xawa, eye wòva nyrɔ ameƒomea ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me mlɔeba. (Nyaɖ. 12:9) Video si nye Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 1: Out of Darkness la ɖe ale si gbɔgbɔmekekelia te keklẽ tso vivitia me vivivi la fia. (Yes. 60:1, 2) Ne èkpɔ video sia vɔ la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siawo ŋu hã.
(1) Aleke viviti tsiɖitsiɖi va keke ta le apostoloawo ƒe ku megbe? (2) Tso ƒe 1100-awo me la, nu kae kpe ɖe amewo ŋu wova kpɔe dze sii be subɔsubɔhawo menɔ nyateƒea fiam o? (3) Ame kawoe nye Henry Grew kple George Storrs? (4) Charles Russell ƒe agbemenudzɔdzɔ kawoe wɔ dɔ ɖe edzi vevie? (5) Aleke Nɔviŋutsu Russell, fofoa, kple wo xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo srɔ̃a Bibliae, eye nyataƒoƒo siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi kawo gbɔe wova ɖo? (6) Aleke Biblia nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sia va wɔ ɖeka kple Nelson Barbour ƒe ƒuƒoƒoa, gake nu kae na Nɔviŋutsu Russell klã tso wo gbɔ? (7) Nu kae dzɔ le July 1879 me si ʋu mɔ be gbɔgbɔmekekelia gate keklẽ nyuie? (8) Le ema yome la, nu kae Biblia Nusrɔ̃viwo, siwo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi la, wɔ tsɔ kaka nya nyuia? (9) Ƒe geɖe do ŋgɔ la, nu kae Biblia Nusrɔ̃viwo nɔ mɔ kpɔm na be adzɔ le ƒe 1914 me? (10) Kuxi kawo mee Biblia Nusrɔ̃viawo to le Nɔviŋutsu Russell ƒe ku megbe? (11) Nu kae Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ esi woɖe asi le Nɔviŋutsu Rutherford kple eƒe zɔhɛwo ŋu le gaxɔ me? (12) Aleke video sia kpɔkpɔ na nèva nya Yehowa ƒe habɔbɔa nyuie hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu? (13) Aleke video sia do ŋusẽ wò nèɖoe kplikpaa be yeayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzonɔamemetɔe ne èle kuxiwo me tom gɔ̃ hã? (14) Aleke míate ŋu azã video sia atsɔ akpe ɖe míaƒe ƒometɔwo, Bible nusrɔ̃viwo, kple ame bubuwo ŋu?
Gbɔgbɔmedomenyinu gã ka gbegbee nye esi Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo gblẽ ɖi na mí! Le xexe sia si le gbɔgbɔmeviviti me me la, woɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe kple dzideƒo tsɔ na kekelia klẽ. Mina míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua eye ‘míayi edzi anɔ zɔzɔm abe kekeli viwo ene.’—Ef. 5:8.