Video Si Nye Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 2: Let the Light Shine
Esi woɖe asi le Nɔviŋutsu Rutherford kple eƒe zɔhɛwo ŋu le gaxɔ me le ƒe 1919 me megbe la, dɔ gã nyadri aɖe nɔ ŋgɔ na Biblia Nusrɔ̃viawo. Abe ale si woɖe eme le video si nye Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 2: Let the Light Shine me ene la, ame geɖewo tsi tsitre ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ŋu, Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ Ŋɔŋlɔawo gɔme sem ɖe edzi, eye Mawu dza wo ŋu eye esia tu woƒe xɔse ɖo. (Lod. 4:18; Mal. 3:1-3; Yoh. 15:20) Ne èkpɔ video sia vɔ la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siawo ŋu hã.
(1) Mɔnu kawoe Biblia Nusrɔ̃viwo zã tsɔ kaka nya nyuia? (2) Gbeƒã kae woɖe le takpekpe ɖedzesi siwo wowɔ le ƒe 1931 kple ƒe 1935 me? (3) Nya vevi ka me wodzro le November 1, 1939, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe tataa me? (4) Ƒo nu tso nu si dzɔ le Madison Square Garden esime Nɔviŋutsu Rutherford nɔ nuƒo si ƒe tanyae nye “Dziɖuɖu Kple Ŋutifafa” ƒom la ŋu. (5) Nu kae wɔ nuku le Nɔviŋutsu Knorr ƒe nuƒo si nye, “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” la ŋu? (6) Le ƒe 1942 me la, ɖoɖo kawoe Yehowa Ðasefowo wɔ be yewoatsɔ akeke yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu? (7) Ƒo nu tso senya siwo nɔviawo he le United States, Canada, kple Greece la ŋu. (8) Aleke Gilead Sukua na gbeƒãɖeɖedɔa keke tae? (9) Dɔ vevi ka gɔme wodze le ƒe 1946 me, eye nu ka tae? (10) Afɔ kawoe Yehowa Ðasefowo ɖe tsɔ kpɔ egbɔ be yewoƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe dzidzenu siwo le Biblia me nu? (11) Ƒo nu tso tɔtrɔ aɖewo siwo wowɔ le ƒe 1970 ƒeawo me be habɔbɔa ƒe ɖoɖo nasɔ kple Biblia me kpɔɖeŋuwo geɖe wu la ŋu. (12) Aleke video sia kpɔkpɔ na nèva ka ɖe edzi wu be Yehowa ŋutɔ ƒe habɔbɔe nye esia eye be eya ŋutɔe le mɔ fiamee? (13) Aleke video sia do ŋusẽ wò nèɖoe kplikpaa be yeayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi dzonɔamemetɔe ne èle kuxiwo me tom gɔ̃ hã? (14) Aleke míate ŋu azã video sia atsɔ akpe ɖe míaƒe ƒometɔwo, Biblia nusrɔ̃viwo, kple ame bubuwo ŋu?
Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya le dzidzim ɖe edzi. Nya kae nuŋlɔɖiwo agblɔ tso míaƒe agbagbadzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu? Abe ale si mía nɔviwo wɔe le ɣeyiɣi siwo va yi me ene la, mina míayi edzi atsɔ dzonɔameme ana ‘kekelia naklẽ’!—2 Kor. 4:6.