Nu Ka Ŋue ‘Nètsoa Aseye Le’?
1. Nu ka ŋue míetsoa aseye le ɣleti ɖe sia ɖe?
1 Ne ɣleti ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu ɖo eye wobia tso mí katã si be míana míaƒe gbeadzikɔntabubuwo la, nu ka ŋue ‘nètsoa aseye le’? (Gal. 6:4) Míeɖanye mɔɖela vevi siwo naa gaƒoƒo 130 ɣleti sia ɣleti alo gbeƒãɖela siwo woɖe mɔ na be woana tso miniti 15 dzi heyi ye míenye o, ele be mí katã míatso aseye be míete ŋu wɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa tso dzi blibo me.—Ps. 100:2.
2. Nu ka tae wòle be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me?
2 Esi Yehowa nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã ta la, edze na míaƒe nu nyuitɔwo kekeake. (Mal. 1:6) Esi míelɔ̃e ta la, míetsɔ míaƒe agbewo ɖe adzɔgbe nɛ be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Eya ta le ŋkeke ɖe sia ɖe alo ɣleti ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, ne míeka ɖe edzi be míetsɔ míaƒe ɣeyiɣi, ŋutete kple ŋusẽ ƒe “gbãtɔwo” na Yehowa le esubɔsubɔ me la, ke susu nyui aɖe li si tae míawo ŋutɔwo míatso aseye ɖo. (Lod. 3:9) Gake ne míaƒe dzitsinya le gbɔgblɔm na mí be míagate ŋu awɔ geɖe wu la, ekema ele be míade ŋugble le nu si míate ŋu awɔ be míawɔ geɖe wu la ŋu.—Rom. 2:15.
3. Nu ka tae nunya mele eme be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o?
3 ‘Menye Le Mía Ðokui Tsɔtsɔ Sɔ Kple Ame Bubu Me O’: Nunya mele eme be míatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo alo atsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ale si míenɔ tsã esime ŋusẽ geɖe wu nɔ mía ŋu la o. Nɔnɔmewo trɔna. Míaƒe ŋutetewo le vovovo. Ame ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu hea hoʋiʋli vɛ alo nana be ame sena le eɖokui me be asixɔxɔ mele ye ŋu o. (Gal. 5:26; 6:4) Yesu metsɔ ame aɖe sɔ kple ame bubu o. Ke boŋ ekafua ame le nu si amea te ŋu wɔ nu.—Marko 14:6-9.
4. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe talentowo ŋu la me?
4 Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe talentowo ŋu me la, dɔwɔla ɖe sia ɖe xɔ talentowo “ɖe eƒe ŋutete nu.” (Mat. 25:15) Esi aƒetɔa trɔ gbɔ eye wòbia be woabu dɔ si wowɔ ŋuti kɔnta na ye la, ame siwo wɔ dɔ veviedodotɔe le woƒe ŋutete kple nɔnɔme nu la xɔ kafukafu eye woge ɖe woƒe aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me. (Mat. 25:21, 23) Esi míele dɔ dzi vevie nenema ke le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míakpɔ susu nyui aɖe si tae míatso aseye ɖo!