INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 October axa 7
  • Nɔ Agbe Wòakafu Yehowa!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Agbe Wòakafu Yehowa!
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Dzidzɔ Ðe Subɔsubɔdɔ Si Wɔm Nèle Fifia Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Srɔ̃ Nu Tso Talentowo Ŋuti Lododoa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nukae Ʋãa Wò Nèsubɔa Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Ka Ŋue ‘Nètsoa Aseye Le’?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 October axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nɔ Agbe Wòakafu Yehowa!

Nunana xɔasie agbe nye. Ale si míezãa nunana sia gbe sia gbe ɖea ale si gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋui la fiana. Mí Yehowa Ðasefowo míedzea agbagba zãa míaƒe ŋutetewo kple aɖaŋu siwo le mía si tsɔ dea bubu Yehowa, Agbenala la ŋu eye míekafunɛ. (Ps 36:9; Nyɖ 4:11) Ke hã, xexe vɔ̃ɖi sia me dzimaɖitsitsiwo ate ŋu awɔe be míado kpo gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mr 4:18, 19) Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe mele nye nu nyuitɔwo tsɔm na Yehowaa? (Ho 14:2) Ðe nye dɔ le nu gblẽm le ale si mesubɔa Yehowa ŋua? Nu kae nye nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo? Ðe mate ŋu awɔ geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea?’ Ne èkpɔ be ehiã be yeawɔ geɖe la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã. Ðikeke mele eme o be, ne míekafua Yehowa gbe sia gbe la, míaƒe dzi adze eme eye míakpɔ dzidzɔ!—Ps 61:8.

Edgardo Franco le ha dzim le amehawo ŋkume; Edgardo Franco le gbeƒã ɖem

Ame ka ŋue nèle wò ŋutetewo zãm ɖo?

MIKPƆ VIDEO SI NYE ZÃ WÒ ŊUTETE NÀTSƆ ASUBƆ YEHOWA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka ta maɖe vi be míazã míaƒe ŋutetewo ɖe Satana ƒe xexea ŋu o? (1Yh 2:17)

  • Yayra kae ame siwo tsɔa woƒe nu nyuitɔ kekeake naa Yehowa la kpɔna?

  • Subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa kawoe nàtsɔ ɖokuiwò ana be yeazã yeƒe ŋutetewo le?

NU SIWO MIATE ŊU AWƆ LE ƑOMETADEDEAGU ME:

  • Mibia gbe gbeƒãɖela aɖe si le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia eye ɖewohĩ wòle ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Nu kawoe wòtsɔ sa vɔe hafi te ŋu tsɔ eƒe nu nyuitɔwo na Yehowa? Aleke Yehowa yrae?

  • Ʋu JW Nyakakadɔwɔƒea, eye nàyi GBEBIAMEWO KPLE NUTEƑEKPƆKPƆWO > YAYRA SIWO LE SUBƆSUBƆDƆ KƆKƆEA ME. Àkpɔ ame geɖe siwo wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ vovovowo le woƒe agbe me, eye àse woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple dzidzɔ si wokpɔ le dɔ siawo wɔwɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe