INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/12 axa 2-3
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Wotrɔ Asi Le Trakt Yeyeawo Ŋu Nyuie Ŋutɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 10/12 axa 2-3

Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia

1. Aleke Mawu ƒe amewo zãa traktwoe?

1 Tso gbe aɖe gbe kee Yehowa ƒe amewo zãa trakt siwo wotu ɖe Biblia dzi tsɔ kakaa nya nyuia. Le ƒe 1880 me la, Nɔviŋutsu C. T. Russell kple eƒe hadɔwɔlawo te Bible Students’ Tracts (Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Traktwo) tata, eye wotsɔa trakt siawo naa ame siwo xlẽa Gbetakpɔxɔ magazinea la be woama na amewo. Wobua Traktwo nu veviwoe ale gbegbe be, le ƒe 1884 me, esime Nɔviŋutsu C. T. Russell nɔ habɔbɔa ƒe dɔwɔha si menye asitsaha o ƒe ŋkɔ dem agbalẽ me le dziɖuɖua gbɔ hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ la, woŋlɔ nya “tract” ɖe ŋkɔa me eye woyɔe be Zion’s Watch Tower Tract Society, si woyɔna fifia be Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Kaka ƒe 1918 naɖo la, Biblia Nusrɔ̃viwo ma Trakt siwo wu miliɔn 300 sɔŋ. Traktwo gakpɔtɔ nye ɖaseɖiɖi ƒe dɔwɔnu aɖe si wɔa dɔ ŋutɔ.

2. Nu ka tae traktwo nye dɔwɔnu siwo wɔa dɔ ŋutɔ?

2 Nu Si Ta Wowɔa Dɔ Ŋutɔ: Wotaa traktwo ɖe amadede vovovowo me eye wonya kpɔna. Gbedeasi si le wo me la hea ame ƒe susu eye nufiame le wo me. Wodoa dzidzɔ na aƒemenɔla siwo ƒo dzi manɔ be yewoaxlẽ magazinewo alo agbalẽwo o. Traktwo nana le bɔbɔe, ele bɔbɔe na gbeƒãɖela yeyewo kple ɖeviwo gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, traktwo le sue eye ele bɔbɔe na mí be míatsɔ wo ɖe asi ne míele dodom.

3. Gblɔ wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔ aɖe alo esi wota ɖe míaƒe agbalẽwo me si ɖe traktwo ƒe vevienyenye fia.

3 Traktwo dzie ame geɖe to se nyateƒea ŋuti nya zi gbãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si le Haiti la kpɔ míaƒe traktwo dometɔ aɖe le anyigba le mɔdodo dzi. Etsɔe, exlẽe, eye wòdo ɣli gblɔ be, “Meke ɖe nyateƒea ŋu!” Mlɔeba la, eyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii eye wòva xɔ nyɔnyrɔ—esiawo katã va eme le Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ si le trakt la me ta.

4. Taɖodzinu kae wòle be wòanɔ mía si ne traktwo mamee míele le ɣletia me?

4 Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me: Esi traktwo nye dɔwɔnu siwo ɖea vi le ɖaseɖiɖidɔa me ta la, tso November me la, woanɔ ɖoɖo wɔm tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be míana wo le ɣletia me. Menye míaƒe taɖodzinua ye nye be míana traktwo amewo ko o, ke boŋ be míazã traktwo atsɔ adze dzeɖoɖowo gɔme. Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia le yiyi zi gbãtɔ me alo le tɔtrɔyi si míawɔ me la, míate ŋu azã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ bubu aɖe atsɔ awɔ ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la afiae. Aleke míate ŋu azã traktwo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me? Trakt ɖe sia ɖe to vovo na nɔvia, eya ta ele be míanya nya siwo le trakt siwo mam míele la me nyuie.

5. Aleke míate ŋu ama traktwo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me?

5 Ele be míana míaƒe dzeɖonyaa nasɔ na anyigbamamaa kple trakt si zãm míele. Míate ŋu atsɔ trakt la ade asi na aƒemenɔlaa atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔme. Ðewohĩ ale si trakt la ƒe akpaa dzi nya kpɔe la anyɔ eƒe ɖetsɔleme. Alo míate ŋu atsɔ trakt vovovowo afia aƒemenɔlaa eye míana wòatia esi do dzidzɔ nɛ. Anyo be míazã trakt siwo le gbe si me míaƒe hamea wɔa kpekpewo le me la, ne woli. Ne nyabiasee trakt la ƒe tanya nye la, ekema míate ŋu abiae be wòagblɔ nu si wòsusu tso eŋu. Alo míate ŋu abia aƒemenɔlaa nya aɖe si ŋu míebu nyuie si anyɔ eƒe ɖetsɔleme eye wòadi be yeaɖo dze kpli mí. Míate ŋu axlẽ trakt la ƒe akpa aɖe na aƒemenɔlaa, eye ne míeɖo nyabiase aɖe dzi le memamawo me la, míatɔ vie eye míana aƒemenɔlaa nagblɔ eƒe susu. Miate ŋu axlẽ mawunyakpukpui veviawo tso Biblia me. Ne míedzro nyatia ƒe akpa aɖewo me vɔ la, míate ŋu aƒo dzeɖoɖoa ta eye mía kple amea míaɖo ŋkeke aɖe koŋ si dzi míatrɔ ayi egbɔ la ɖi. Ne míaƒe hamea lɔ̃a agbalẽgbegblẽɖi na ame siwo ŋu míeke ɖo le aƒe me o la, míate ŋu agblẽ trakt ɖeka ɖi na aƒemenɔlaa ne mele aƒe me o, evɔ míana wòaganɔ dzedzem gaglãa o.

6. Aleke míate ŋu azã traktwo le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me?

6 Ablɔdziɖaseɖiɖi: Èzã traktwo le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me kpɔa? Ame siwo va le yiyim la dometɔ aɖewo nɔa kplakplakpla dzi eye womalɔ̃ atɔ aɖo dze kpli mí o. Asesẽ ŋutɔ be míanya ne wotsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ loo alo wometsɔ ɖe le eme o. Le esi míatsɔ magazine yeyeawo anɔ wo nam ko evɔ míenya ne woaxlẽ wo gɔ̃ hã o teƒe la, ɖe manyo be míana trakt aɖe boŋ wo oa? Esi traktawo ƒe akpaa dzi nya kpɔna eye wo me nyawo le kpuie ta la, amewo adi be yewonya nya siwo le wo me eye esia ate ŋu aʋã wo woaxlẽ wo ne ɣeyiɣi vi aɖe su wo si. Gake ne womele kplakplakpla dzi o la, míate ŋu adzro trakt la me nya aɖewo me kpli wo.

7. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo ɖe ale si míazã traktwo le vomeɖaseɖiɖi me la fia.

7 Vomeɖaseɖiɖi: Ele bɔbɔe be míazã traktwo atsɔ aɖi vomeɖase. Nɔviŋutsu aɖe tsɔa trakt ʋɛ aɖewo dea eƒe kotoku me ɣesiaɣi si wòle dodom le aƒe me. Ne edo go ame aɖe, abe fiasemenudzrala aɖe ene la, ɖeko wògblɔna be nane le ye si yedi be yeatsɔ anae wòaxlẽ, eye etsɔa trakt ɖeka nanɛ. Esi atsu kple asi aɖe yina tsaɖiƒe le New York City la, wokpɔe be yewoyina go do ge ame geɖewo tso dukɔ vovovowo me. Eya ta wotsɔ agbalẽvi si nye Nations (Nya Nyui Na Dukɔ Ðe Sia Ðe Me Tɔwo) kple trakt siwo le gbe vovovowo me la ɖe asi. Eya ta ne wose ame aɖe le dutagbe dom, eɖanye ɖe wòle nuwo dzram le ablɔdzi loo alo bɔbɔ nɔ anyi ɖe wo xa le tsaɖibɔ me alo nuɖuƒe aɖe o la, wotsɔa trakt aɖe si le amea degbe me la nanɛ.

8. Mɔ ka nue traktwo le abe nukuwo ene le?

8 “Ƒã Wò Nukuwo”: Míate ŋu atsɔ traktwo asɔ kple nukuwo. Nukuwula wua eƒe nukuwo faa, elabena menya esi adze ahatsi o. Nyagblɔla 11:6 gblɔ be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekemɛ alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” Eya ta mina míayi edzi “[akaka] sidzedze” to ɖaseɖiɖi ƒe dɔwɔnu sia si wɔa dɔ ŋutɔ la dzi.—Lod. 15:7.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Esi traktwo nye dɔwɔnu siwo ɖea vi le ɖaseɖiɖidɔa me ta la, tso November me la, woanɔ ɖoɖo wɔm tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be míana wo le ɣletia me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe