INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/93 axa 3-4
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Wotrɔ Asi Le Trakt Yeyeawo Ŋu Nyuie Ŋutɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 1/93 axa 3-4

Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me

1 Wonyae na Yehowa ƒe habɔbɔ si li egbea be ezãa traktwo wòdzea dzi. Watch Tower Bible and Tract Society, si nye habɔbɔ si woɖo le se nu si ŋudɔ míewɔna la ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã ɖee fia be traktwo wɔa akpa vevi aɖe le nyanyuia kaka me. Tso ƒe 1881 vaseɖe 1918 me la, Yehowa ƒe amewo mã trakt miliɔn 300 kple edzivɔ. Trakt gbãtɔ siawo dzie amesiwo va zu Kristo nɔvi susɔeawo le ɣeyiɣi sia me la dometɔ geɖe to se nyateƒea zi gbãtɔ.

2 Le ƒe 1987 me la, wogate gbe ɖe trakt suewo zazã dzi ake esime woɖe trakt ene siwo nya kpɔ eye woli vaseɖe fifia la ɖe go. Woɖe gbeƒãe le “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpea me be wole trakt ene siwo nya kpɔ wu eye wonana wobua tame la kpem ɖe esiawo ŋu be woasɔ gbɔ ɖe edzi. Woawoe nye Akɔfafa na Blanuilélawo, Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me, Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? kple Ðe Xexeme Sia Ato Eme Adoa? Ðe nèle trakt enyi siawo katã ŋudɔ wɔm be viɖe nado tso wo me le wò subɔsubɔdɔa mea?

3 Nu nyuiwo doa go tsoa traktwo zazã nyuie me. Ahiã be míanya ɖesiaɖe me nyawo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, èxlẽ wo nyuie ale be nusi ŋuti ɖesiaɖe ku ɖo la nanɔ susu me na wòa? Èbu amesi ƒomevi traktawo dometɔ ɖesiaɖe adzɔ dzi na la ŋua? Trakt ɖesiaɖe me nyawo nyanya nyuie ana kakaɖedzi nanɔ asiwò geɖe wu ɖe wo zazã le aƒeme yi aƒeme dɔa me kpakple le nɔnɔme bubu geɖe siwo me nàte ŋu aɖi vomeɖase le me la ŋu.

4 Wo Zazã le Aƒeme Yi Aƒeme Subɔsubɔdɔa Me: Nutome sue dzikpɔla aɖe ŋlɔe bena: “Trakt la zazã atsɔ adze nye dzeɖoɖo akpa gãtɔ gɔmee la le edzi dzem nyuie.” Èto mɔ sia dzi kpɔa? Nukata màzã traktwo abe mɔ si dzi nàto adze wò dzeɖoɖoa gɔme ene o? Esi trakt enyi le mía si ta la, gɔmedzenya ʋãme enyi le mía si azɔ be míatia ɖewo le wo dome. Trakt ɖesiaɖe naa mɔnukpɔkpɔ mí be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me alo ne míetrɔ yi.

5 Traktwo zazã ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo hã li. Ne èle dze ɖom kple ame aɖe le aƒea me la, ɖewohĩ àse be nyitsɔ laa koe eƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku alo be ame aɖe ƒe lãme mele kɔkɔm o le eƒe ƒomea me. Zi geɖe la seselelãme gbegblẽwo vana na amesiwo le nu xam vevie alo wole agbagba dzem be yewoanɔ te ɖe kuxi siwo li ɣeyiɣi didi aɖe nu la eye woléa blanui. Aleke wòahanye nusi me lɔlɔ̃ le enye si be míatsɔ gbedasi dedziƒoname si le Akɔfafa na Blanuilélawo ƒe trakt la me la na wo! Ðewohĩ àsee be nyitsɔ laa koe amea srɔ̃ gbee alo be dɔ ge le esi. Nuteƒekpɔkpɔ mawo ate ŋu ana ame ƒe susu natɔtɔ eye woagblẽ nu geɖe le ƒomea ŋu. Wɔ biabia siwo le Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe trakt la ƒe axa 2 ŋudɔ, esiwo bia be: “Nukatae kuxi sesẽ mawo le fu ɖem na ƒomewo egbea? Aleke míawɔ ase vivi le ƒomegbenɔnɔ me?” Ðewohĩ nya siawo tututue le susu me na amea. Ne edze abe ɖe metsɔ ɖeke le eme enumake o ene hã la, ate ŋu ava eme be axlẽ trakt la emegbe.—Nyagb. 11:6.

6 Le hame aɖewo me la, wowɔa dɔ le anyigbamamãa me edziedzi, eye míaƒe agbalẽ aɖewo le ame geɖe si xoxo. Ne míezã traktwo la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míaƒo nu tso nane si me aƒemenɔlawo atsɔ ɖe le ŋu, míana woaƒo nu, eye míana woabu Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ŋu. De biabia aɖe si ŋu miate ŋu aƒo nu le emegbe la susu me na wo. Trɔ yi, eye natu ɖetsɔleme sia ɖo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖewohĩ míate ŋu adze agbalẽ gbadza alo agbalẽ aɖe si le wo si xoxo la sɔsrɔ̃ kpli wo gɔme.

7 Tsɔ Traktwo Ði Vomeɖasee: Ne míena traktwo le asitsɔƒe na mí—le míaƒe kotoku me, dziwui ƒe kotoku me, butu me alo ɖaseɖiɖi ƒe akplo me—la, míate ŋu azã wo le ɣeyiɣi vovovowo me le afisiafi si míakpɔ amewo le. Zã wo ne èyi asi me, ne èle mɔ zɔm, alo mia kple wò ƒometɔwo alo amedzrowo miele nu ƒom. Traktwo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖi ɖase kpuie. Trakt nye nusi melolo akpa na amea o gake wòƒoa nu tẽ aɖaŋutɔe. Woxɔnɛ kaba wu agbalẽ alo magazineawo le esi nya si woaxlẽ la mesɔ gbɔ o eye womexea fe ɖe eta o ta.

8 Nɔ ŋudzɔ nàkpɔ traktwo nana le vomeɖaseɖiɖi me le suku alo miaƒe dɔwɔƒe, nuɖuƒewo, mɔ̃memidzeƒewo kple teƒe bubuwo ƒe mɔnukpɔkpɔwo adze sii. Esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ ɖoɖo wɔm be yeakplɔ ye mama ayi ɖɔkta gbɔe la, ekpɔ egbɔ be yetsɔ trakt aɖewo ɖe asi. Edze dzeɖoɖo gɔme kple funɔ aɖe le dɔnɔkɔa dzi. Esi nɔvinyɔnua tsɔ trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me fiae vɔ la, ebiae be: “Àdi be ye via nanɔ xexe si le abe esi wota ɖe afisia ene me atsia?” Ete ŋu yi ɖasrã nyɔnua kpɔ le aƒeme tsɔ yi dzeɖoɖo ma dzie. Esia na wòtrɔ nɔ egbɔ yim enuenu.

9 Woate Ŋu Atsɔ Traktwo Adze Biblia-Nusɔsrɔ̃wo Gɔmee: Nutome sue dzikpɔla aɖe ka nya ta be hame si yenɔ sasrãm kpɔ la dze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 64 gɔme le kwasiɖaa me to traktwo zazã ne wodze nuƒoƒo na aƒemenɔla gɔme la dzi.

10 Ète Biblia-nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ ne èyi wo gbɔ zi gbãtɔ le aƒeme yi aƒeme ƒe dɔa wɔwɔ me kpɔa? Ne èzã trakt la, ɖewohĩ àte ŋu awɔ alesi wowɔa nusɔsrɔ̃e afia kpuie. Nɔvinyɔnu aɖe zã Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ƒe trakt la tsɔ wɔ esiae. Efia asi nɔnɔmetataa eye wòbia aƒemenɔlaa ne esusu be míaƒe anyigba sia ava nɔ nenema gbaɖegbe. Esi aƒemenɔlaa ɖo eŋu vɔ la, nɔvinyɔnua gblɔ nɛ be yewoaxlẽ Petro II, 3:13 kple Yesaya 65:17 siwo dzi wohe susu yie le trakt la me. Emegbe la mía nɔvinyɔnua gblɔ be: “Ŋugbedodo siawo menye drɔ̃e aɖe alo nudzroame ƒe susu o, ke boŋ wole Mawu ƒe Nya, Biblia, la me ŋutɔŋutɔ.” Ewɔ ɖoɖo be yewoagayi dzeɖoɖoa dzi le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Esi wògatrɔ yi la, eɖo nyɔnua ƒe biabia geɖewo ŋu nɛ eye wòtsɔ Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe agbalẽa nɛ. Biblia-nusɔsrɔ̃ do tso eme.

11 Nyɔnyrɔ̃xɔla yeye alo gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ si si nuteƒekpɔkpɔ le susum le subɔsubɔdɔa mee nènyea? Ne nenemae la, ekema àdi be yeakpɔ amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe wu su la ahabia woƒe aɖaŋuɖoɖo le traktwo zazã le miaƒe hamea ƒe anyigbamamã me ŋu. Amesiwo ame bubu siwo bi le xɔsea me de dzi ƒo na hena mɔfiafia wo la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me na mí.—Dɔw. 18:24-27; Kor. I, 4:17.

12 Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃dzikpɔla la ate ŋu ana kpekpeɖeŋu vevie le ɖoɖowo wɔwɔ be ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò le traktwo zazã nyuie me la me. Enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woakpe ɖe wo viwo ŋu be woayi ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ðasefo nyɔnuvi aɖe dzilawo na hehee be wòana Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ƒe trakt la. Esi woa kple dadaa woyi Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔƒe la, etsɔ trakt na ɖetsɔlemetɔa srɔ̃ŋutsu. Ewɔ dɔ ɖe srɔ̃ŋutsua dzi be ɖevi sue te ŋu ka ɖe mawusubɔsubɔnyawo dzi nenema gbegbe. Trakt la xexlẽ vivi enu ŋutɔ. Ɣesiaɣi si nyɔnuvia kple dadaa wotrɔ yi la, egblɔa ŋɔŋlɔ aɖe alo Biblia me ŋutinya aɖe si wòsrɔ̃ le eya ta koŋ la nɛ. Fifia ŋutsua xlẽa magazineawo edziedzi, edi be yeaxlẽ Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa, eye wòde kpekpe ʋee aɖewo. Esiawo katã tso ɣeyiɣi si dzilawo xɔ tsɔ kpɔ woƒe agbanɔamedzi si wònye be woafia nu wo vinyɔnua be wòawɔ traktwo ŋudɔ nyuie la gbɔ.

13 Zã Míaƒe Trakt Yeyeawo Nyuie: Le Ðe Xexeme Sia Ato Eme Adoa? ƒe trakt la zazã me la, àte ŋu aɖe amesi nènye la afia ahadze wò dzeɖoɖoa gɔme be: “Ŋdi na wò. Míele dze ɖom kple amewo ku ɖe alesi agbenɔnɔ le egbea ŋu. Èsusu be agbenɔnɔa aka ɖe emea, alo anɔ gbegblẽm ɖe edzi? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame aɖewo susui be nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame egbea nye Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava eye xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe. Aleke nèsusu?” Ne aƒemenɔlaa ɖo eŋu vɔ la, tsɔ trakt la nɛ eye nàhe susu yi biabia etɔ̃ siwo le memamã evelia me la dzi. Emegbe la yi alesi trakt la yi nyaa dzie la dzi naɖe alesi xexeme aɖe wu nu kpɔ kple alesi esia hã awu nui la afia. Le sasrãkpɔa ƒe nuwuwu la, wɔ ɖoɖo ɖe sasrãkpɔ bubu ŋu be míadzro ɖaseɖiɖi si le Biblia me be xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe la me.

14 Evaa eme zi geɖe be míekpɔa mía ɖokui le nɔnɔme si me míate ŋu agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na ame bubuwo kpuie ko le la me, abe le dɔwɔƒe alo suku ene. Ðewohĩ dzeɖoɖo aɖe ado mo ɖa le miaƒe dɔwɔƒe le nya siwo dzɔ nyitsɔ laa siwo lɔ dziɖuɖu ɖe eme ŋuti. Àte ŋu alɔ̃ ɖe edzi be togbɔ be dziɖula siwo ɖo tame nyui le agbagba ɖesiaɖe dzem hã la, xexeame kpe fu ŋutɔ le ŋutinya katã me. Azɔ fia asi memamã mamletɔ si le Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? ƒe trakt la ƒe axa 2 lia. Xlẽ biabia etɔ̃ siwo nana wobua tame la. Ne ɣeyiɣi meli be miaɖo dze kpui aɖe o la, tsɔ trakt la na amea alo ameawo eye nàwɔ ɖoɖo be miadzro biabia siawo me ɣebubuɣi alo le teƒe bubu.

15 Midi ɣeyiɣi miadzro alesi miana trakt vovovo siawo dometɔ ɖesiaɖe la me le mia ɖokui si kpakple abe ƒome ene. Miwɔe kpɔ. Aleke miate ŋu azã trakt la akpe ɖe agbalẽ bubu siwo nam miele le gbeadzi la ŋui? Amekawo gbɔ yi ge nala kpuie, afisiwo nàte ŋu atsɔ trakt ʋee aɖewo ɖe asi ayii? Àdo go ame aɖe le kwasiɖa sia me si trakt siawo me gbedasi siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la aɖe vi naa?

16 Yehowa lɔlɔ̃ vevie kple ɖe tsɔtsɔ le eme na amewo aʋã mí be míawɔ nusianu si míate ŋui be woanya nyanyuia. Traktwo zazã edziedzi akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ma. Ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe adre di be yeakpe ɖe yewoƒe aƒelika ŋu be wòayi nuɖoanyi yeyea me, eyata etsɔ trakt nɛ eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Eɖi nya si bɔbɔ ŋutɔ! Gake ɖe míekpɔa ŋudzedze ɖe mɔ bɔbɔe sia ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa mea? Ɣebubuɣi si míatsɔ trakt na ame aɖe la, ema hã ate ŋu azu Biblia-nusɔsrɔ̃. Ne míezã traktwo nunyatɔe tsɔ ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia la, míakpɔ viɖe tso eme kokoko.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe