Nu Si Nàwɔ Be Wò Gbeadziƒuƒoƒo Naɖe Vi Na Wò
1. Viɖe siwo míekpɔna le Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me tsã kawoe míagate ŋu akpɔ le míaƒe gbeadziƒuƒoƒoa me?
1 Viɖe siwo nèkpɔna le Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me tsã la ƒe ɖewo gadzroa wòa? Ɣemaɣi la, ƒuƒoƒoawo nɔ sue eye ame sia ame ɖea dzi ɖi. Esia wɔnɛ be enɔa bɔbɔe be míedzea xɔlɔ̃ siwo doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. (Lod. 18:24) Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa nyaa nɔnɔme tɔxɛ si me míele eye esia wɔnɛ be etea ŋu dea dzi ƒo na mí etɔxɛ. (Lod. 27:23; 1 Pet. 5:2, 3) Míagate ŋu akpɔ viɖe siawo kokoko le míaƒe gbeadziƒuƒoƒowo me.
2. Afɔ kae míawo ŋutɔwo míate ŋu aɖe be mía kple míaƒe gbeadziƒuƒoƒoa me tɔwo dome nanɔ kplikplikpli eye woanye gbɔgbɔmeŋusẽtsoƒe na mí?
2 Wò Ŋutɔ Wɔ Afɔɖeɖea: Zi geɖe la, gbeadziƒuƒoƒowo nɔa sue abe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoawo ke ene. Ne mía kple nɔvi bubuwo míewɔa dɔ le gbeadzi “aduadu” la, enana be mía kpli wo dome va nɔa kplikplikpli. (Flp. 1:27) Miaƒe ƒuƒoƒoa me tɔ nenie nède gbeadzi kplii kpɔ? Ðe nàte ŋu ‘akeke’ ɖokuiwò le go sia mea? (2 Kor. 6:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, míate ŋu akpe míaƒe ƒuƒoƒoa me tɔ aɖe be wòava wɔ ɖeka kpli mí le míaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me alo wòava ɖu nu kpli mí. Le hame aɖewo me la, gbeadziƒuƒoƒowo wɔa amedzro na nuƒola si wokpe va. Ne ɖoɖoa dze ƒuƒoƒo aɖe dzi la, ƒuƒoƒoa me tɔwo ƒoa ƒu ɖua nu ɖekae hedea dzi ƒo na wo nɔewo, ne nuƒolaa mate ŋu ayi nuɖuƒea o gɔ̃ hã.
3. Mɔnukpɔkpɔ kawoe li be hamemetsitsiwo nana kpekpeɖeŋu mí le míaƒe gbeadziƒuƒoƒoa me?
3 Togbɔ be zi eve pɛ koe hamea ƒoa ƒu ɖekae le kpekpewo me fifia hã la, esia mefia be hamemetsitsiwo magate ŋu anɔ be lém na gbeƒãɖelawo abe tsã ene o. Woɖo ƒuƒoƒodzikpɔlawo ɖe ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe nu be woade dzi ƒo na ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe eye woana hehee na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Ne miaƒe ƒuƒoƒodzikpɔlaa mekpɔ wɔ ɖoɖo kpli wò be yewoayi gbeadzi haɖe o la, ɖe manyo be nàgblɔ nɛ be yedi be ye kplii yewoayi gbeadzi oa? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, subɔsubɔdɔdzikpɔlaa dea gbeadzi kple ƒuƒoƒoawo dometɔ ɖeka le kwasiɖanuwuwu aɖe ɣleti sia ɣleti. Le hame sue siwo me gbeadziƒuƒoƒowo mesɔ gbɔ le o me la, ate ŋu awɔ ɖoɖo asrã wo dometɔ ɖe sia ɖe kpɔ zi eve le ƒea me. Ðe nèwɔa asitɔtrɔ le wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu be nàkpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ne eva srã miaƒe ƒuƒoƒoa kpɔa?
4. (a) Aleke wowɔa ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu? (b) Nu ka tae wòle be míabu eŋu kpɔ nenye be woate ŋu awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le míaƒe aƒe me?
4 Zi geɖe la, eɖea vi ne ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe wɔa kpekpe hena gbeadziyiyi le eɖokui si le kwasiɖanuwuwuwo. Ne ƒuƒoƒoawo kpena le teƒe vovovowo hena gbeadziyiyi eye gameawo meto vovo boo o la, enɔa bɔbɔe na gbeƒãɖelawo wu be woade kpekpe hena gbeadzi eye ɖewohĩ woayi woƒe anyigbamama me le esia megbe. Woate ŋu ama gbeƒãɖelawo kaba eye woaɖo ta anyigbamamaa me enumake. Enɔa bɔbɔe hã be ƒuƒoƒodzikpɔlaa nalé ŋku ɖe eƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo ŋu nyuie. Ke hã nɔnɔmeawo ate ŋu awɔe be nunya anɔ eme wu be ƒuƒoƒo eve alo esi wu nenema naƒo ƒu awɔ kpekpea ɖekae. Ne hame bliboa va kpe ɖekae na gbeadziyiyi le Memleɖa gbãtɔ dzi le ɣletia me alo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a megbe la, zi geɖe la, eɖea vi ne ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe me tɔwo nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka eye wona miniti ʋɛ aɖewo ƒuƒoƒodzikpɔlaa wòwɔ ɖoɖo na eƒe ƒuƒoƒoa hafi woawu kpekpea nu kple gbedodoɖa.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Àdi Be Woawɔ Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Le Wò Aƒe Mea?”
5. Togbɔ be Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa wu enu hã la, kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si?
5 Togbɔ be Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa wu enu hã la, Yehowa kpɔtɔ le nu sia nu si míehiã hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ la nam mí. (Heb. 13:20, 21) Esi Yehowa léa be na mí ta la, naneke mehiãa mí o. (Ps. 23:1) Yayra geɖe sua mía si le míaƒe gbeadziƒuƒoƒoa me. Ne míawo ŋutɔwo míewɔa afɔɖeɖea eye ‘míeƒãa nu wòsɔa gbɔ la, míaŋe nu wòasɔ gbɔ hã.’—2 Kor. 9:6.
[Aɖaka si le axa 6]
Àdi Be Woawɔ Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Le Wò Aƒe Mea?
Esi aƒe siwo me woawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le mesɔ gbɔ o ta la, hame aɖewo naa woƒe gbeadziƒuƒoƒowo ƒoa ƒu ɖe teƒe ɖeka le kwasiɖanuwuwuwo. Kpekpe hena gbeadziyiyi nye hamea ƒe ɖoɖowo ƒe akpa aɖe, eya ta kpekpe siawo wɔwɔ le míaƒe aƒe me nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe. Àdi be woawɔ kpekpe siawo le wò aƒe mea? Mègahe ɖe megbe le esi nèsusu be yeƒe aƒea le tsɛe akpa ta o. Hamemetsitsiwo abu afi si wò aƒea le kple nu bubu siwo ŋu wobuna hafi tiaa teƒe aɖe na agbalẽ me nusrɔ̃ƒe tsã la ŋu. Ne èdi be woawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le yeƒe aƒe me la, ke gblɔe na miaƒe ƒuƒoƒodzikpɔlaa.