Mègaɖe Dzi Le Ðokuiwò Ƒo O—Ðu Ŋutetemanɔamesi Ƒe Seselelãme Dzi
1. Nu ka tae ame aɖewo ƒoa asa na Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ?
1 Ðe nèƒoa asa na Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ le esi nèsusui be ŋutete mele ye si yeate ŋu asrɔ̃ nu kple amewo nyuie o ta? Mawusubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema, abe Mose kple Yeremiya ene, hã se le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewomedze na dɔ siwo wode yewo si la o. (2 Mose 3:10, 11; 4:10; Yer. 1:4-6) Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe sena le wo ɖokui me nenema egbea. Gake aleke míawɔ aɖu seselelãme ma dzi?
2. Nu ka tae mele be míanɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa ɖeɖe ko wɔm eye míagblẽ Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa ya ɖi na nɔvi bubuwo o?
2 Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa mebiana tso mía si be míawɔ nane si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu gbeɖe o. (Ps. 103:14) Eya ta míaƒe dɔdeasi si nye be ‘míawɔ nusrɔ̃lawo,’ eye “miafia nu wo” la nye nu si míate ŋu awɔ. (Mat. 28:19, 20) Menye mɔnukpɔkpɔ aɖe si Yehowa tsɔ na ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe le alo ame siwo si ŋutete tɔxɛwo le le mía dome la ɖeɖe ko o. (1 Kor. 1:26, 27) Eya ta mele be míanɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa ɖeɖe ko wɔm eye míagblẽ Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa ya ɖi na nɔvi bubuwo o.
3. Aleke Yehowa na míedze hena Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔae?
3 Yehowa Ye Nana Míedzena: Míaƒe dzedze hena nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa tso Yehowa gbɔ. (2 Kor. 3:5) Yehowa fia Biblia me nyateƒe siwo ame siwo de suku wu le xexe sia me la gɔ̃ hã menya o la mí to eƒe habɔbɔa dzi. (1 Kor. 2:7, 8) Ekpɔ Nufiala Gã, Yesu, ƒe nufiafiamɔnuwo ŋuti nuŋlɔɖiwo ta be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua, eye wòyi edzi le hehe nam mí to hamea dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa na nusrɔ̃gbalẽ siwo míehiã be míatsɔ asrɔ̃ Biblia kple amewo la mí. Ena dɔwɔnuwo, abe Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ene, siwo fiaa nyateƒea le ɖoɖo nu, le mɔ si gɔme sese le bɔbɔe nu, la mí. Ðewohĩ Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo masesẽ abe ale si míebui ene o.
4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu?
4 Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Mose kple Yeremiya te ŋu wɔ woƒe dɔdeasiawo de goe. (2 Mose 4:11, 12; Yer. 1:7, 8) Míawo hã míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Gawu la, ne míesrɔ̃a Biblia kple ame aɖe la, nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu la fiamee míele amea, eye esia dzea Mawu ŋu. (1 Yoh. 3:22) Eya ta ɖoe wò taɖodzinu be nàkpɔ gome le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔ, si nye subɔsubɔdɔa ƒe akpa si doa dzidzɔ na ame wu, si me teƒeɖoɖo geɖe le, la me.