INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/08 axa 8
  • Àte Ŋu Anye Nufiala!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Anye Nufiala!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Wòhiã Be Nàna Hehe Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Hehenana Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Yehowa Le Hehe Nam Mí Hena Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Mègaɖe Dzi Le Ðokuiwò Ƒo O—Ðu Ŋutetemanɔamesi Ƒe Seselelãme Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 11/08 axa 8

Àte Ŋu Anye Nufiala!

1. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae ʋu ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela ɖe sia ɖe?

1 Míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa siwo nana míekpɔa dzidzɔ wu la dometɔ ɖekae nye nyateƒea fiafia ame aɖe. Enyea dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míekpɔe be amea tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me, eye míele kpekpem ɖe eŋu be wòate ɖe xexea katã ƒe Dziɖulagã la ŋu. (Yak. 4:8) Ele be wòanye Fiaɖuƒegbeƒãɖela ɖe sia ɖe ƒe taɖodzinu be yeafia nu ame aɖe si nyateƒea ƒe dɔ le wuwum ahakpe ɖe eŋu wòawɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le eƒe amenyenye, nukpɔsusu, kple agbenɔnɔ gome.—Mat. 28:19, 20.

2. Nu ka tae ame aɖewo ate ŋu anɔ hehem ɖe megbe le Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo ŋu, eye nu kae akpe ɖe wo ŋu woaɖu kuxi sia dzi?

2 Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu: Le blema la, Mawu subɔla wɔnuteƒewo se le wo ɖokuiwo me be yewomedze awɔ dɔ si Yehowa de yewo si la o. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋu kpe ɖe Mose, Yeremiya, Amos, kple ame tsɛ bubuwo ŋu woɖu ɖikeke siwo nɔ wo me be yewomedze o la dzi, eye wowɔ dɔ ɖedzesiwo. (2 Mose 4:10-12; Yer. 1:6, 7; Amos 7:14, 15) ‘Dzi ɖo’ apostolo Paulo hã ‘ƒo.’ Nu kae kpe ɖe eŋu? Eɖee gblɔ be dzi ɖo ye ƒo “to mía Mawu la dzi.” (1 Tes. 2:2) Ɛ̃, mí katã míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòana kpekpeɖeŋu, nunya, kple ŋusẽ si míehiã bene míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ tsekuwo la mí.—Yes. 41:10; 1 Kor. 1:26, 27; 1 Pet. 4:11.

3, 4. Hehenaɖoɖo kawoe li siwo akpe ɖe mía ŋu be míafia Mawu ƒe Nya la amewo?

3 Lɔ̃ Nàxɔ Hehe: Míaƒe Nufiala Gãtɔ, Yehowa Mawu, naa hehe mí to gbɔgbɔmehehenana ƒe ɖoɖo siwo wowɔna na mí edziedzi bene míadze bliboe anye nufialawo la dzi. (Yes. 54:13; 2 Tim. 3:16, 17) Lɔ̃ nàxɔ hehe sia to mɔnukpɔkpɔ siwo katã ʋu ɖi na wò be nàdzi Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese kple Biblia me nyateƒea fiafia amewo ƒe ŋutete si su asiwò ɖe edzi la ŋu dɔ wɔwɔ bliboe me. Togbɔ be Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea me koŋ ye woɖo be míaxɔ hehe sia le hã la, hame ƒe kpekpewo katã naa hehe mí bene míasu te afia nu amewo tso Mawu ƒe Nya la me.

4 Dze agbagba nàsrɔ̃ mɔ bɔbɔe siwo nu nàfia nyateƒenya gogloawo gɔ̃ hã le. Subɔsubɔ Suku gbalẽa gblɔ le eƒe axa 227 be: “Ele be wò ŋutɔ nàse nyatia gɔme nyuie hafi nàte ŋu aƒo nu le eŋu na ame bubuwo woawo hã nase egɔme.” Nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me kpena ɖe mía ŋu be nya veviwo tsia susu me na mí ale be míate ŋu ava zã wo emegbe. Eya ta dzra ɖo nyuie, eye kakaɖedzi asu asiwò geɖe wu be nàfia nu amewo.

5. Hehenamɔnu bubu kawo hãe gale hamea me si akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ŋgɔyiyi le nufiafia amewo me?

5 Ðikeke aɖeke mele eme o be, le gɔmedzedzea me la, Kristotɔwo srɔ̃a nu tso wo nɔewo gbɔ ne wole dɔ wɔm ɖekae le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. (Luka 10:1) Ne anya wɔ la, zɔ kple gbeƒãɖela bibi, siwo dometɔ aɖewoe nye mɔɖelawo, hamemetsitsiwo, kple dzikpɔla mɔzɔlawo, le Biblia nusɔsrɔ̃wɔwɔ dɔa me. Lé ŋku ɖe ale si wozãa nɔnɔmetata kple kpɔɖeŋu bɔbɔewo kpakple nufiamɔnu bubu siwo dzena le míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo me tsɔ ɖea Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea me na amewo la ŋu. Bia wo be woaɖo aɖaŋu na ye le ale si yeawɔ abi ɖe nufiafia me geɖe wu la ŋu. (Lod. 1:5; 27:17) Kpɔ ŋudzedze ɖe hehenamɔnu siawo katã ŋu, elabena le nyateƒe me la, wonye hehenana si tso Mawu gbɔ.—2 Kor. 3:5.

6. Nu kae wòhiã vevie be nàwɔ be nàzu Mawu ƒe Nya la fiala?

6 Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàna hehenaɖoɖo siwo wòwɔ la naɖe vi na wò. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋgɔyiyi. (Ps. 25:4, 5) Wò hã àte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava zu Mawu ƒe Nya la fiala abe wò ke ene, eye esia anye dzidzɔ na wò ŋutɔ!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe