INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/12 axa 2
  • “Ale Si Míana Magazineawo Le . . .”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ale Si Míana Magazineawo Le . . .”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 12/12 axa 2

“Ale Si Míana Magazineawo Le . . .”

Ɣleti sia ɣleti la, Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa aɖe kuna ɖe ale si míana magazineawoe ŋu. Menye eƒe taɖodzinue nye be ame si le dɔa wɔm la nadzro nyati siwo le magazineawo me la me o. Ke boŋ ɖe wotrɔ asi le akpa sia ŋu be míado susu vovovo siwo dzi míate ŋu ato ana magazineawo la ɖa. Eya ta abe ale si wòdze le mɔfiameawo me ene la, nɔviŋutsu si woade dɔ sia asi na la agblɔ ŋgɔdonya kpui aɖe atsɔ aʋã nɔviawo woadi vevie be yewoana magazineawo. Ne magazineawo le gbe si hamea dona me la, ele be wòazã woawo boŋ. Eyome wòahe susu ayi nyati ɖeka aɖe (alo nyati siwo ƒo nu tso tanya si le akpa dzi ŋu) dzi, eye wòakpe gbeƒãɖelawo be woagblɔ ale si míate ŋu azãe atsɔ ana magazineawoe, ale be nɔviawo katã ƒe susu nakplɔ numedzodzroa ɖo eye woate ŋu ade dzesi enana ƒe mɔnu siwo woazã. Le esi wòakpe nyaselawo be woagblɔ kpɔɖeŋudzeɖonya la katã teƒe la, abia be nya kae míate ŋu abia atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe nyati sia ŋu hã, eye wòaɖe mɔ gbeƒãɖela vovovowo nagblɔ woƒe susu, eye eyome abia be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Eye ana woawɔ magazineawo nana ƒe wɔwɔfiawo atsɔ aƒo eƒe dɔdeasia ta. Wode dzi ƒo na mí katã be míawo ŋutɔwo míaxlẽ magazineawo do ŋgɔ ale be míanɔ klalo be míate ŋu ado ale si míana woe ƒe susu vovovowo ɖa. Ne mí katã míedzra ɖo nyuie la, akpa sia akpe ɖe mía ŋu be míanyre mía nɔewo.—Lod. 27:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe