Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea—Míawo Kple Ame Bubuwoe Wotrɔ Asi Le Eŋu Na
Yesu de se na mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la “le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mat. 24:14) Be woakpe ɖe mía ŋu ‘míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe’ la, wotsɔ míaƒe nyatakakadzraɖoƒe siwo nye watchtower.org, jw-media.org kple jw.org la ƒo ƒu ɖekae wònye jw.org Internet nyatakakadzraɖoƒe si ŋu wotrɔ asi le yeyee.—2 Tim. 4:5.
“Le Anyigba Blibo La Katã Dzi”: Ne woma anyigba dzi nɔlawo katã ɖe akpa etɔ̃ me la, xexlẽme si ade akpa etɔ̃lia ƒe ɖeka kloe zãa Internet. Internet dzie ame geɖe xɔa woƒe nyatakakawo tona, vevietɔ sɔhɛwo. Míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea ɖoa ezãlawo ƒe biabia siwo ku ɖe Biblia ŋu la ŋu na wo anukwaretɔe. Enana wodzea si Yehowa ƒe habɔbɔa, eye ele bɔbɔe be woato edzi abia be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo le aƒe me femaxee. Enana be nya nyuia dea anyigba ƒe teƒe siwo mɔnukpɔkpɔ geɖe mesua amewo si le be woase Fiaɖuƒegbedeasia o la.
“Dukɔwo Katã”: Be míate ŋu aɖi ɖase na “dukɔwo katã” la, ele be míana Biblia me nyateƒea nanɔ gbe vovovowo me. Ame siwo zãa jw.org la ate ŋu ake ɖe nyatakakawo ŋu le gbegbɔgblɔ siwo ade 400 me; Internet nyatakakadzraɖoƒe bubu aɖeke mede mía tɔa nu le go sia me o.
Wɔ Eŋu Dɔ Nyuie: Menye ɖe wotrɔ asi le jw.org Internet nyatakakadzraɖoƒea ŋu kple taɖodzinu be woatsɔe aɖi ɖase na amewo ko o, ke wotrɔ asi le eŋu ale be Yehowa Ðasefowo hã nazãe. Ne Internet le asiwò la, míele dzi dem ƒo na wò be nàdze agbagba anya jw.org la zazã nyuie. Ale si míawɔ eŋu dɔ ƒe mɔfiame aɖewoe nye esiwo gbɔna.
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 3]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Tee Kpɔ
1 Ƒo www.jw.org/ee la ɖe wò kɔmpiuta ƒe Internet adrɛsŋlɔƒea.
2 Tsa nyatakakadzraɖoƒea me; ʋu tanya gãawo, agbalẽ vovovoawo, kple nyatiawo.
3 Te jw.org la zazã le asitelefon siwo dzi Internet le dzi kpɔ. Wotrɔ asi le eƒe dzedzeme ŋu be wòate ŋu adze le asitelefon ƒe nukpɔƒe sue la dzi, ke hã nyatakakawo asɔ kple kɔmpiuta dzi tɔwo.