Zã jw.org La Le Wò Subɔsubɔdɔa Me—“Nye Yehowa Xɔlɔ̃”
Wotrɔ asi le jw.org ƒe akpa si nye “Biblia Ƒe Nufiafiawo” la ƒe teƒe aɖe ŋu na ɖeviwo, si ƒe tanyae nye “Nye Yehowa Xɔlɔ̃.” Videowo, hadzidziwo kple dɔdeasiwo le afi ma. Èzãnɛ le subɔsubɔdɔa mea? Ne èsrɔ̃a Biblia kple dzila si si vi suewo le la, ɖe manyo be nàɖee afiae wòakpɔ oa? Esia aʋãe wòaʋu míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa bubuwo akpɔ nu siwo li.
Esi nɔviŋutsu aɖe nɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 lia mam la, ena ɖeka nyɔnu aɖe, eye nyɔnua dze exexlẽ gɔme enumake. Vi suewo le nyɔnua si eye wodi vevie be yewoanya nu si le trakt la me. Eya ta nɔviŋutsua dzro emenyawo me kpli wo vie eye wòtsɔ míaƒe Internet adrɛs si dze le megbekpaa dzi la fia nyɔnua. Esi nyɔnua tsɔ ɖe le eme ta la, nɔviŋutsua ɖe Kaleb ƒe videoawo fia eya kple viawo le eƒe asikɔmpiuta dzi.
Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea kple nu siwo ŋu wotrɔ asi le na ƒomewo la ŋu nya na eƒe dɔwɔhati aɖe si si vi suewo le. Nyɔnua ʋu jw.org la eye eya kple viawo kpɔ nu siwo le afi ma. Emegbe egblɔ na mía nɔvinyɔnua be ye viwo nɔa “Ðe Gbeƒã Nya La,” si nye hadzidzi siwo le “Nye Yehowa Xɔlɔ̃” me la dometɔ ɖeka dzim le aƒea me.
Dze agbagba nànya nu siwo le jw.org ƒe akpa sia nyuie, eye nàwɔ videoawo, hadzidziawo, alo dɔdeasiawo dometɔ aɖewo ƒe kɔpi ada ɖe wò asitelefon alo asikɔmpiuta dzi. Esia ana nànɔ klalo azã jw.org ƒe akpa sia le subɔsubɔdɔa me. Dɔwɔnu nyui kae nye esi, si akpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ na Aƒetɔ la abe kluviwo ene!—Dɔw. 20:19.