Ðe Wòle Be Makpã Ɣemaɣia?
Ne gbeƒãɖela aɖewo le gbeadzi la, ezu numame na wo be woakpã le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi, ɖewohĩ le ŋdɔ ga 12 me. Enye nyateƒe be nɔnɔme si me nɔvi aɖewo le abia be woakpã le gaƒoƒo aɖe koŋ dzi. Gake ɖe nèkpãna le gbeadzi le esi ame bubuwo kpã alo esi wònye numame na ame geɖe le miaƒe nutoa me be woakpã ɣemaɣi ta koa? Ðe nàte ŋu aganɔ gbeadzi ɣeyiɣi vi aɖe kpee be nàwɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa bubu aɖewo abe ablɔdziɖaseɖiɖidɔa enea? Ðe nàte ŋu awɔ tɔtrɔɣi ɖeka alo eve le mɔa dzi ne ètrɔ yina aƒe mea? De ŋugble tso nyui gbogbo si nàte ŋu awɔ ne esia na nèke ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu le aƒe me alo ne nèna magazine amewo le mɔa dzi la ŋu kpɔ! Ne míenɔa gbeadzi ɣeyiɣi vi aɖe kpee hafi kpãna la, esia anye mɔ bɔbɔe aɖe si dzi míato adzi míaƒe “kafukafuvɔsa” ɖe edzi.—Heb. 13:15.