INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/13 axa 2
  • Ame Kawoe Wòado Dzidzɔ Na?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Wòado Dzidzɔ Na?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tia Nyati Siwo Amewo Adi Koŋ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 5/13 axa 2

Ame Kawoe Wòado Dzidzɔ Na?

1. Ne míele Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! yeyewo xlẽm la, nu ka ŋue wòle be míabu, eye nu ka tae?

1 Wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! be wòaɖe vi na xexea me nɔlawo katã. Eya ta eme nyatiwo kuna ɖe nu vovovowo ŋu. Ne míexɔ tata yeye ɖe sia ɖe hele exlẽm la, ele be míabu ame siwo koŋ wòado dzidzɔ na la ŋu, eye míaɖoe be míatsɔe ayi na ame mawo.

2. Míaƒe magazineawo me nyati kawo tɔgbie ado dzidzɔ na ame aɖewo koŋ?

2 Ðe Biblia me nyati aɖe si ŋu wò kple wò dɔwɔhatiwo mieɖo dze tsoe va yi la dze le Gbetakpɔxɔ yeyea mea? Ðe nyati aɖe le eme ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu si aɖe vi na ƒowòmetɔ aɖea? Ðe nènya ame aɖe si le ɖoɖo wɔm be yeazɔ mɔ ayi dukɔ aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Nyɔ! me la mea? Ðe magazineawo dometɔ aɖe ado dzidzɔ na dɔ aɖe koŋ wɔlawo alo dziɖuɖudɔwɔƒe aɖe si le miaƒe anyigbamamaa mea? Le kpɔɖeŋu me, magazine si ƒo nu tso lãmesẽnyawo ŋu ado dzidzɔ na kɔdzidɔwɔlawo. Nyati si ƒo nu tso nu vlo wɔwɔ ŋu ado dzidzɔ na senyagbɔkpɔlawo.

3. Gblɔ ale si wòle vevie be míana míaƒe magazinewo ƒe tata aɖe ame siwo koŋ wòado dzidzɔ na ƒe nuteƒekpɔkpɔ.

3 Emetsonu Nyuiwo: Esi atsu kple asi aɖe siwo le South Africa xɔ January-March 2012 ƒe Nyɔ! (yevugbe me tɔ, October 2011) si ƒe tanyae nye “Ale Si Nàhe Viwò Be Wòaɖɔ Ʋu” la, woƒo ka na suku 25 le woƒe hamea ƒe anyigbamama me. Sukuawo dometɔ 22 xɔ magazineawo hema wo na sukuviawo. Atsu kple asi bubu siwo hã le dukɔ ma ke me la ɖe susu ma ke eye woyi ɖama magazineawo le suku siwo le wo gbɔ me. Nufiala siwo le sukuawo dometɔ ɖeka tiae be yewoazã magazinea atsɔ afia mawusubɔsubɔnyawo kple nuxexlẽ sukuviawo. Atsu kple asia gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔa na woƒe nutome sue dzikpɔla. Eya hã de dzi ƒo na hame siwo le eƒe nutome suea me be woama magazineawo le suku siwo le woƒe anyigbamamaa me. Hame geɖewo bia alɔdzedɔwɔƒea be woaɖo magazinea bubuwo ɖe yewo ale gbegbe be wòva hiã be woagata geɖewo akpee!

4. Nu ka tae míedi be míama magazine geɖe ale si nu míate ŋui?

4 Míaƒe magazineawo fiaa asi gɔmesese vavãtɔ si le fifi nudzɔdzɔwo ŋu eye wohea amewo ƒe susu yia Biblia kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi. Woawo koe nye magazine siwo ‘ɖea gbeƒã xɔname’ le anyigba dzi. (Yes. 52:7) Eya ta míedi be míama magazine geɖe ale si nu míate ŋui. Mɔ nyuitɔ si nu míawɔ esia lee nye be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ame kawoe wòado dzidzɔ na?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe