Nyabiaɖaka
◼ Hafi woaɖe mɔ na gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe wòaxɔ nyɔnyrɔ la, nu ka ŋue wòle be woalé ŋku ɖo ku ɖe eƒe kpekpewo dede kple gbeadzidede ŋu?
Nyɔnyrɔxɔxɔ ye nye nyametsotso vevitɔ kekeake si ame awɔ. Eya ta hafi woaɖe mɔ na ame aɖe wòaxɔ nyɔnyrɔ la, ele be wòanya nu si Mawu di tso esi nyuie. Gakpe ɖe eŋu la, ele be wòaɖee afia be yeɖoe kplikpaa be yeawɔ Mawu ƒe nudidiwo dzi.
Wode se na Kristotɔwo be woagagblẽ woƒe ƒuƒoƒewo ɖi o, eya ta ele be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ nanɔ vevie dom nu le hamea ƒe kpekpewo dede me. (Heb. 10:24, 25) Zi geɖe la, ele be wòakpɔ gome le kpekpeawo me to nyaŋuɖoɖo hã me. Eye anyo be wòaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, togbɔ be esia menye nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe nudidi o hã.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wònye be wode dɔ asi na Kristotɔwo be woaɖe gbeƒã nya nyuia eye woawɔ nusrɔ̃lawo ta la, ele be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ nanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi hafi axɔ nyɔnyrɔ. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Ɣleti nenie ame anye gbeƒãɖela hafi ate ŋu axɔ nyɔnyɔ? Le nyateƒe me la, ele be woana wòawɔ esia ɣeyiɣi didime aɖe si sɔ, be wòaɖee afia be yeɖoe kplikpaa be yeanɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe ɣleti sia ɣleti. (Ps. 78:37) Ke hã, mele be ɣeyiɣi si wòzu gbeƒãɖela kple ɣiyiɣi si me woabui be edze axɔ nyɔnyrɔ la dome nadidi fũu akpa o, ate ŋu anye ɣleti ʋɛ aɖewo ko. Gaƒoƒo nenie wòle be wòanɔ nanam? Se kpaɖii aɖeke meli le go sia me o. Ele be hamemetsitsiwo nabu nɔnɔme si me gbeƒãɖela ɖe sia ɖe le ŋu, woaɖe nugɔmesese afia ahada asɔ.—Luka 21:1-4.
Ele be hamemetsitsi (alo, le hame siwo me hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ le o me la, subɔsubɔdɔwɔla) siwo akpe kple ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la naɖo ŋku edzi be ame sia ame le vovo, eye ele be woabu nuwo ŋu nyuie be woanya nenye be amea dze axɔ nyɔnyrɔ. Woakpɔ mɔ be gbeƒãɖelaa naɖee afia be yedi vavã be yeanye Yehowa Ðasefo eye be yekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su ye si be yele ha dem kple Yehowa ƒe habɔbɔa hele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la ŋu. Hamemetsitsiwo se egɔme be ame sia ƒomevi metsi le gbɔgbɔ me alo bi abe gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su la ene haɖe o. Ne hamemetsitsiwo se le wo ɖokuiwo me be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ medze o la, ele be woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ ana wòanya nu si tae wosusu be medze o ɖo la dɔmenyotɔe eye woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si wòhiã lae.