Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le September Me
“Ŋdi na wò. Míeva be míaƒo nu tso nu vevi aɖe si le kpekpem ɖe srɔ̃tɔwo ŋu wole dzidzɔ kpɔm le srɔ̃ɖeɖe me ŋu na wò. Mabia lo, nu ka koŋue nèsusu be eyae gblẽa nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu ale be dzidzɔ menɔa eme o?” [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Tsɔ nyati si le September 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae, midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ September 1
“Míaƒe nutoa me tɔ geɖe biaa wo ɖokui be nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li alea gbegbe ɖo. Ðe wò hã èbia nya ma ɖokuiwò kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ado dzidzɔ na wò ŋutɔ be nànyae be Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me konyifafa kple vevesese maganɔ anyi o. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.] Magazine sia dzro susu vevi atɔ̃ siwo tae fukpekpe li alea gbegbe ɖo la me. Ehe susu yi nu si Biblia gblɔ tso ale si Mawu ava ɖe fukpekpe ɖae ŋu hã dzi.”
Awake! September
“Ewɔna na ame aɖewo be naneke megblẽ le eŋu be ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o la nadɔ o. Ame aɖewo hã susui be mesɔ o, le Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo abe esi dze le 1 Tesalonikatɔwo 4:3 ene ta. [Xlẽe.] Nu kae nye wò susu le agbenɔnɔ sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒe nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu” ɖe nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me.”