INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/13 axa 1
  • Míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 Lia Le December Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 Lia Le December Me!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Tɔxɛ si Míawɔ tso October 16 Vaseɖe November 12!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Mimã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 35 lia Wòade Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Míadze Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia Gɔme Tso March 1 Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • ‘Dɔ Geɖe Li le Aƒetɔ la ƒe Dɔwɔwɔ Me’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 10/13 axa 1

Míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 Lia Le December Me!

1. Nya kawoe amewo biana ku ɖe kukuawo ŋu, eye aleke míakpe ɖe wo ŋu le December me?

1 Futɔ vɔ̃ɖie ku nye na mí katã, dzixɔse ka kee ɖale mía si o. (1 Kor. 15:26) Ame geɖe biaa wo ɖokuiwo be, afi kae kukuawo le, eye ɖe míagate ŋu akpɔ wo akea? Le xexea me godoo la, hamewo katã akpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 lia mama me. Eƒe tanyae nye, “Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?” Míawɔ dɔ tɔxɛ sia ɣleti blibo ɖeka, eye míadze egɔme le December 1 dzi. Ne míewu dɔ tɔxɛ sia nu la, míazã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 lia abe trakt ene.

2. Aleke wota Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 liae?

2 Ale Si Wotae: Wota Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 lia le mɔ aɖe nu be míaŋe eme ɖe eve, wòanɔ lɔbɔɔ, ale be tanyaa kple nya siwo nye “Aleke nàɖo eŋu? . . . Ɛ̃, ao, nyemenya o” nanɔ ŋgɔgbekpaa dzi. Ne nuxlẽlaa ʋu Fiaɖuƒe Ŋuti Nya sia la, akpɔ nu si Biblia gblɔ tsɔ ɖo nyabiase si nye tanyaa ŋu kple vi si Biblia ƒe ŋugbedodowo aɖe nɛ. Akpɔ susu siwo ta wòate ŋu aka ɖe nya si Biblia gblɔ dzi la hã. Nyabiase vevi aɖe le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe megbekpa dzi si ŋu wòle be wòabu, eye wobia tso esi be wòasrɔ̃ nu bubuwo kpee.

3. Aleke míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 liae?

3 Ale Si Míamae: Míawɔe abe ale si míewɔa Ŋkuɖodzia kple nutome gã takpekpe ƒe amekpegbalẽviwo mamadɔ tɔxɛwo ene. Hamemetsitsiwo anɔ te ɖe mɔfiame siwo wona wo le April 1, 2013 ƒe lɛta me dzi afia ale si miawɔ akpe miaƒe anyigbamamaa ɖo. Hame siwo ƒe anyigbamama melolo o ate ŋu abia be yewoakpe ɖe hame siwo tsɔ wo gbɔ siwo ƒe anyigbamama lolo ŋu. Ðo ŋku edzi nàtsɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 lia agbɔsɔsɔ si nàna le kwasiɖa ɖeka me ko, ale be ne evɔ la, nàgatsɔ bubu. Le dɔ tɔxɛa wɔɣi la, ne míema Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la tso aƒe me yi aƒe me le míaƒe anyigbamamawo katã me vɔ la, ekema míate ŋu ayi emama dzi le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me. Ne ɣletia mewu enu haɖe o gake míema ye katã vɔ la, ke míatrɔ ɖe agbalẽ si míana le ɣletia me nana ŋu. Le Memleɖa gbãtɔ dzi la, míalé fɔ ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mama ŋu, ke menye ɖe Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze ŋu o. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míate ŋu ana magazinewo hã akpee le afi si wòsɔ le. Ðe nèle ɖoɖo wɔm be yeakpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia me bliboea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe