Míadze Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia Gɔme Tso March 1 Dzi
1. Ɣekaɣie míadze amewo kpekpe na Ŋkuɖodzia gɔme, eye nu ka tae ɣeyiɣia didi wu le ƒe sia me?
1 Le Fiɖa, March 1 dzi la, míadze dɔ tɔxɛ si míewɔna ƒe sia ƒe tsɔ kpea amewo be woade Ŋkuɖodzia kpli mí la gɔme. Ŋkuɖodzia dze March 26 dzi, si fia be ɣeyiɣi si míatsɔ awɔ dɔ tɔxɛ sia didi wu ƒe siwo va yi me tɔ. Esia aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be míakpe ame geɖe, vevietɔ ame siwo le nuto siwo me hamea ƒe anyigbamamaa lolo la me.
2. Ðoɖo kawoe wowɔ ku ɖe amekpegbalẽvia xɔxɔ kple anyigbamamaa kpekpe ɖo ŋu?
2 Midze Ðoɖowɔwɔ Gɔme: Hamemetsitsiwo ana mɔfiame ku ɖe ale si míakpe anyigbamamaa ɖoe ŋu. Woana míanya ne míagblẽ amekpegbalẽvia ɖi na ame siwo ŋu míeke ɖo le aƒe me o loo alo míagblẽe ɖi o. Ne amekpegbalẽviawo susɔ le emama tso aƒe me yi aƒe me vɔ megbe la, miate ŋu ama wo to dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ƒe mɔnu bubuwo dzi. Subɔsubɔdɔdzikpɔla la akpɔ egbɔ be wotsɔ amekpegbalẽvia, siwo dzi woŋlɔ teƒe si woawɔe le kple gamea ɖo la, ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ la da ɖe agbalẽxɔƒea na gbeƒãɖelawo be woatsɔ, gake womada amekpegbalẽviawo katã ɖi zi ɖeka o. Agbɔsɔsɔme si míahiã le kwasiɖa ɖe sia ɖe me koe wòle be míatsɔ.
3. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele amewo kpem?
3 Nya Kae Míate Ŋu Agblɔ? Nyuitɔae nye be míaƒe dzeɖonyawo nanɔ kpuie ale be míate ŋu aɖo ame geɖe ale si míate ŋui gbɔ. Kpɔɖeŋudzeɖonya aɖe le axa 4 lia si ŋu míate ŋu atrɔ asi le wòasɔ na míaƒe anyigbamamaa. Gake mele be míatsi dzi adzo le aƒemenɔlaa gbɔ ne eɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia alo ne nyabiasewo le esi o. Ne míele amekpegbalẽviawo mam le kwasiɖanuwuwu la, ele be míana magazineawo hã ne esɔ. Le March 2 dzi la, míalé fɔ ɖe amewo kpekpe ŋu, ke menye ɖe Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze ŋu o.
4. Nu ka tae wòle be míakpɔ gome le dɔ tɔxɛa me dzonɔamemetɔe?
4 Míele mɔ kpɔm be ame geɖewo nade Ŋkuɖodzia kpli mí. Nuƒoa aɖe ame si tututu Yesu nye la me. (1 Kor. 11:26) Woaɖe ale si eƒe kua ɖea vi na míi hã me. (Rom. 6:23) Eye woaƒo nu tso nu si ta wòle vevie be míaɖo ŋku eyama dzi la hã ŋu. (Yoh. 17:3) Neva eme be míakpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia me dzonɔamemetɔe!