Zã Nu Siwo Míeda Ðe Internet Dzi Nàtsɔ Afia Nu Viwòwo
1. Nu kae nye míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye “Children” ƒe taɖodzinu?
1 Míetrɔ asi le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe, jw.org, ŋu be wòasɔ na ɖeviwo kple tsitsiwo siaa. Akpa si nye “Children” (si nàkpɔ le Bible Teachings > Children) ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe ɖevi suewo kple wo dzilawo ŋu be woate ɖe wo nɔewo kple Yehowa ŋu. (5 Mose 6:6, 7) Alekee nàte ŋu azã akpa sia atsɔ afia nu viwòwo?
2. Aleke nàwɔ atia nusɔsrɔ̃ siwo asɔ ɖe viwòwo ƒe ƒexɔxɔ nu?
2 Tia Nu Si Asɔ Na Viwòa: Ðevi ɖe sia ɖe kple nu si asɔ nɛ. (1 Kor. 13:11) Eya ta aleke nàwɔ atia nusɔsrɔ̃ siwo asɔ ɖe viwòwo ƒe ƒexɔxɔ nu? Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae ado dzidzɔ na vinyewo wu? Nu kawo gɔmee woate ŋu ase? Ɣeyiɣi didi kae woƒe susu ate ŋu anɔ nusɔsrɔ̃a ŋu ase ɖo?’ Le ɖevi siwo xɔ va se ɖe ƒe etɔ̃ gome la, àte ŋu adzro nusɔsrɔ̃ siwo le akpa si nye “My Bible Lessons” (Nye Biblia Nusɔsrɔ̃wo) me kpli wo. Biblia me ŋutinya siwo le akpa si nye “Teach Your Children” (Fia Nu Viwòwo) me dzodzro dzɔa dzi na ƒome aɖewo. Nu bubu siwo miagate ŋu awɔe nye esiwo gbɔna.
3. Aleke dzilawo ate ŋu azã ŋutinya kple dɔdeasi siwo le akpa si nye “Family Worship Projects” lae?
3 Nyatiwo Na Ƒometadedeagu: Wotrɔ asi le nusɔsrɔ̃ siwo le akpa sia ŋu be ƒome ƒe tawo nazã wo atsɔ asrɔ̃ nu kple wo viwo. Be nàke ɖe nusɔsrɔ̃awo ŋu la, ʋu akpa si nye “Children” la, eye nàʋu “Family Worship Projects”; ne èʋu nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe la, àkpɔ aɖaka si me woŋlɔ ɖo be “Download.” Ʋui be nàkpɔ “Parents’ Guide” si nye mɔfiame siwo dzi dzilawo azɔ ɖo. Zã nɔnɔmetata siwo wowɔ na ɖevi suewo be woatiti amadede ɖe wo me la nàtsɔ afia nu wo. Kpe ɖe ɖevi siwo gatsi wu la ŋu be woawɔ dɔdeasi bubuawo. Dɔdeasi siwo le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me la ku ɖe Biblia me ŋutinya alo nyati ma ke ŋu, eya ta ɖevi siwo xɔ ƒe vovovowo ate ŋu akpɔ gome le nyati ma ke si mietia na ƒometadedeagu la me.
4. Nu kawoe le akpa si nye “Nye Yehowa Xɔlɔ̃”?
4 Nye Yehowa Xɔlɔ̃: Wotrɔ asi le videowo, hadzidziwo kple nusɔsrɔ̃ siwo le akpa si nye “Nye Yehowa Xɔlɔ̃” ŋu be wòakpe ɖe dzilawo ŋu woaku Mawu ƒe Nya la ɖe to me na wo vi suewo. (5 Mose 31:12) Wowɔ video siwo nye nutatawo dometɔ ɖe sia ɖe be woatsɔ afia nu vevi aɖe ɖeviwo. Akpa si nye dɔdeasiwo, abe esiwo me woadi nuwo le le nɔnɔmetatawo me ene, la te gbe ɖe nufiameawo dzi. Esi ɖeviwo lɔ̃a hadzidzi, eye hadzidzi kpena ɖe wo ŋu be woaɖo ŋku nufiamewo dzi ta la, wodaa Fiaɖuƒeha kple ha bubu siwo ɖeviwo dzi la ɖe Internet dzi edziedzi na ɖeviwo.
5. Nu ka tae wòle be dzilawo nabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be woate ŋu afia nyateƒea wo viwo?
5 Dzilawo, Yehowa di be miakpɔ dzidzedze le mia viwo hehe me. Eya ta mido gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe mia ŋu miafia nyateƒea mia viwo. (Ʋɔn. 13:8) Yehowa akpe ɖe mia ŋu miahe mia via be wòazu “nunyala hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzi xɔxɔse me.”—2 Tim. 3:15; Lod. 4:1-4.