Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Dzeɖonyanutsinyawo Ŋu Ðoɖo
Nu Si Tae Wòle Vevie: Tsɔe be ènya be dzɔdzɔmefɔku aɖe adzɔ kpuie. Amewo aku ne womesi yi bebeƒe o. Èyi wò aƒelika aɖe gbɔ be yeana toklãe, gake etsi nya ɖe nuwò hegblɔ be yemevo o. Kakaɖedzitɔe la, màna ta kaba o, ke boŋ àdze agbagba be yeakpe ɖe eŋu! Ame geɖewo le míaƒe anyigbamama me siwo medina be yewoaɖo to mí o, esi womenya be gbedeasi si ana yewoatsi agbe la gblɔm míele o ta. Wovuna ɖe nu bubuwo ŋu le ɣeyiɣi si me míeyi wo gbɔ. (Mat. 24:37-39) Alo ɖewohĩ wobua nazã ɖe mía ŋu le alakpanya siwo amewo gblɔ na wo tso mía ŋu ta. (Mat. 11:18, 19) Woanya susu be vovototo aɖeke mele mía kple subɔsubɔha siwo tsea ku gbegblẽwo la dome o. (2 Pet. 2:1, 2) Ne aƒemenɔla aɖe metsɔ ɖeke le eme gbã o hã la, mele be míana ta kaba o.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ne èdo go dzeɖonyanutsinya le ʋɔtru aɖe nu la, ɖo dze kple wò gbeadzizɔhɛa tso ale si nàgate ŋu aɖo nya ma ŋu le mɔ si nyo wu nu.