Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Nu Ðe Aƒemenɔla Si Do Dziku La Ŋu Nyuie
Nu Si Ta Wòle Vevie: Ame siwo míedoa goe le gbeadzi dometɔ geɖe wɔa nu ɖe mía ŋu bubutɔe. Gake Yesu gblɔe ɖi be ame aɖewo alé fu mí. (Yoh. 17:14) Eya ta ne aƒemenɔla aɖe do dziku ɖe mía ŋu la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Ne edzɔ alea la, ele be ale si míawɔ nu ɖe aƒemenɔlaa ŋu la nado dzidzɔ na Yehowa, ame si teƒe míele la. (Rom. 12:17-21; 1 Pet. 3:15) Esia wɔwɔ ana be nɔnɔmea mado gã ɖe edzi o. Eye anye ɖaseɖiɖi na aƒemenɔlaa kple eteƒekpɔlawo hã, si awɔe be woalɔ̃ be yewoaɖo to ne Yehowa Ðasefowo gayi wo gbɔ ɣebubuɣi.—2 Kor. 6:3.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ne miedzo le aƒemenɔla si do dziku gbɔ la, ɖo dze kple wò gbeadzizɔhɛa le ale si nàgate ŋu awɔ nu le mɔ nyuitɔ nu la ŋu.