Wɔ Magazine Xoxowo Ŋu Dɔ Nyuie
Esi magazine xoxowo maɖe vi aɖeke ne míedzra wo ɖo alo tsɔ wo ƒu gbe o ta la, ele be míana wo. Magazine ɖeka pɛ ate ŋu ana ame aɖe natsɔ ɖe le nyateƒea me eye wòaʋãe wòadze Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ gɔme. (Rom. 10:13, 14) Ale si míawɔ magazine xoxowo ŋu dɔ nyuie la ŋuti ɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esiwo gbɔna:
Ne èle ɖase ɖim le anyigbamama si me womeɖea gbeƒã le edziedzi o me la, àte ŋu agblẽ magazine ɖeka ɖi na ame siwo mètu le aƒe me o ahadae ɖe teƒe si aƒemenɔlaa ɖeɖe ko akpɔe le.
Ne èle dutoƒoɖaseɖiɖidɔ wɔm le teƒe siwo amewo lalana le, abe ʋutɔɖoƒewo alo ketekedzeƒewo ene la, bia amewo ɖekaɖeka ne woadi be yewoanɔ nane xlẽm; tsɔ magazine xoxo vovovowo fia wo eye nàɖe mɔ na wo woatia esi wodi.
Ne èyi kɔdziwo alo teƒe mawo tɔgbi le miaƒe hamea ƒe anyigbamama me la, àte ŋu agblẽ magazine xoxo siawo dometɔ ʋɛ aɖewo ɖe afi siwo amewo lalana le. Zi geɖe la, enyo be nàbia mɔ le teƒea dzikpɔla gbɔ ne eli. Ne èkpɔ magazinewo le afi ma xoxo la, ke mègatsɔ ɖeke kpee o.
Ne èle dzadzram ɖo ɖe tɔtrɔyiwo ŋu la, bu nu si ame siwo gbɔ yim nèle la dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ ɖe le ŋu. Ðe srɔ̃ kple viwo le esia? Ðe mɔzɔzɔ dzɔa dzi nɛa? Ðe abɔdɔwɔwɔ vivia enua? Tsa magazine xoxoawo me nàkpɔ be nyati aɖe li si xexlẽ ado dzidzɔ nɛ mahã, eye nàtsɔe ayi nɛ ne ètrɔ yi.
Ne èva ke ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe, si gbɔ nètrɔ yi ʋuu gake mètunɛ le aƒea me o, ŋu mlɔeba la, tsɔ magazine xoxo siwo to eŋu la fiae.