INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/14 axa 2
  • Aleke Yehowa Kpɔam?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Yehowa Kpɔam?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Ahuhɔ̃e La Nyuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Na “Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asiwò Gbã La” Nakpɔtɔ Anɔ Mewò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nu Adre Siwo Nana Biblia Xexlẽ Ðea Vi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tu Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 7/14 axa 2

Aleke Yehowa Kpɔam?

1. Mɔ ka nue Biblia le abe ahuhɔ̃e ene le?

1 Zi nenie nèkpɔa ahuhɔ̃e me? Mía dometɔ geɖe míekpɔa ahuhɔ̃e me gbe sia gbe elabena ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa nu siwo wòahiã be míaɖɔ ɖo le mía ɖokui ŋu. Wotsɔ Biblia sɔ kple ahuhɔ̃e. Mawu ƒe Nya la xexlẽ kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi ame si míenye le ememe, eye esiae Yehowa kpɔna. (1 Sam. 16:7, 8; Yak. 1:22-24) Mawu ƒe Nya la tea ŋu ‘dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo.’ (Heb. 4:12) Aleke Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu gbe sia gbe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ afi si wòle be míawɔ ɖɔɖɔɖo le be míakpɔ dzidzedze geɖe wu le nya nyui gbɔgblɔdɔa me?​—Ps. 1:1-3.

2. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me kpɔ?

2 Zã Biblia La Abe Ahuhɔ̃e Ene: Nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ŋu na míekpɔ nɔnɔme siwo ŋu Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, David ʋã ŋu ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu. (1 Sam. 17:45, 46) Dzi nɔ Yesaya ƒo wòlɔ̃ faa yi ɖaɖe gbeƒã le nuto matseku aɖe me. (Yes. 6:8, 9) Lɔlɔ̃ deto si nɔ Yesu si na Fofoa wɔe be wòkpɔ dzidzeme le subɔsubɔdɔa me eye mebui be enye agba na ye o. (Yoh. 4:34) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖe gbeƒã kple dzonɔameme, woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye woɖoe kplikpaa be yewomana ta o. (Dɔw. 5:41, 42; 2 Kor. 4:1; 2 Tim. 4:17) Ne míedea ŋugble le kpɔɖeŋu siawo ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míalé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu be míatrɔ asi le míaƒe subɔsubɔ ŋu wòanyo ɖe edzi.

3. Nu ka tae mele be míahe ɖe megbe le tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ ŋu o?

3 Ðɔ Wò Vodadawo Ðo: Meɖea vi aɖeke ne míekpɔ ahuhɔ̃e me hekpɔ nane le mía ɖokui ŋu evɔ míeɖɔe ɖo o. Míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si tututu míele ale be míawɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã. (Ps. 139:23, 24; Luka 11:13) Esi ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ eye agbe kple ku ƒe nyae wònye ta la, mele be míahe ɖe megbe le tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ ŋu o.​—1 Kor. 7:29; 1 Tim. 4:16.

4. Viɖe kae ame si léa ŋku ɖe Mawu ƒe Nya la me eye wòɖɔa eƒe vodadawo ɖo la kpɔna?

4 Ame si míenye le ememe, si ŋu Yehowa léa ŋku ɖo la le vevie wu míaƒe gotagome dzedzeme. (1 Pet. 3:3, 4) Viɖe kae ame si léa ŋku ɖe Mawu ƒe Nya la me eye wòɖɔa eƒe vodadawo ɖo kpɔna? ‘Enyea nyadziwɔla, ke menye nyasela si ŋlɔa nu be o; akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me.’ (Yak. 1:25) Míakpɔ dzidzɔ eye míanye gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo elabena míeɖea “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene.”​—2 Kor. 3:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe