TE ESIA KPƆ
Zã Ahuhɔ̃e La Nyuie
Nusrɔ̃la Yakobo tsɔ Biblia sɔ kple ahuhɔ̃e si nana míekpɔa ame si míenye le ememe dzea sii. (Yak. 1:22-25) Aleke nàte ŋu azã Biblia nyuie abe ahuhɔ̃e ene?
Xlẽe beléletɔe. Ne míekpɔ mía ɖokui flui le ahuhɔ̃e me ko heɖe ŋku ɖa la, asesẽ be míakpɔ nu si wòle be míaɖɔ ɖo. Nenema kee ne míetsɔ dzitsitsi xlẽ Biblia la, asesẽ be míade dzesi tɔtrɔ siwo wòahiã be míawɔ. Eya ta ele vevie be míagbɔ dzi ɖi axlẽ Mawu ƒe Nyaa beléletɔe.
Nɔ ɖokuiwò kpɔm, ke menye ame bubuwo o. Ne èlé ahuhɔ̃e ɖe asi eye nètrɔe ɖe axadzi la, ke ànɔ ame bubuwo kpɔm le eme. Nenema kee wòate ŋu adzɔe be míanɔ Biblia xlẽm, evɔ míanɔ ame bubuwo ƒe gbagbãƒewo kpɔm. Esia makpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siwo hiã o.
Da sɔ. Ne èle ahuhɔ̃e me kpɔm eye nane si medzɔa dzi na wò o dzi koe nèfɔ ŋku ɖo la, dzi ate ŋu aɖe le ƒowò. Eya ta ele be míada asɔ ne míele Mawu ƒe Nyaa xlẽm, eye míaganɔ nu geɖe fũu akpa dim tso mía ɖokui si wu esi dim Yehowa le tso mía si o.—Yak. 3:17.