Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ƒo Nu Tso Fiaɖuƒea Ŋu Kple Dzideƒo
Nu Si Tae Wòle Vevie: Hafi míate ŋu awɔ ɖe mɔfiame si me kɔ si dze le 2 Timoteo 1:7, 8 dzi la, ele vevie ŋutɔ be míaƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu kple dzideƒo. Nu kae ana dzi nanɔ mía ƒo be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea?
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Tia ame aɖe si nàdi be yeaɖe gbeƒã na. Do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzideƒo kple mɔnukpɔkpɔa wò be nàƒo nu na amea.