Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea Ƒe Alafa Ðeka Sɔŋ!
1. Ƒe alafa ɖeka kloe nye esi va yi la, nu kae wode dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be woawɔ?
1 “Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! Miawoe nye eƒe nyakakalawo. Eya ta miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la.” Ƒe alafa ɖeka kloe ye nye esi va yi la, Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ nya ʋãme mawo tsɔ de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be woakaka Fiaɖuƒe gbedeasia le kpuiƒe kple didiƒewo. Eye nu sia tututue míewɔ! Abe Kristotɔ gbãtɔawo ene la, míeɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia “na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.” (Kol. 1:23) Ne míetrɔ kpɔ ƒe alafa ɖeka siwo va yi la, agbagba kawoe míedze be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea? Aleke míayi edzi aɖe gbeƒã tso eŋu esi míele Fiaɖuƒea dzidzi ƒe ƒe 100 lia gogom?
2. Aleke míaƒe agbalẽwo do Mawu Fiaɖuƒea ɖe ŋgɔe?
2 Agbagba Siwo Míedze: Ƒe geɖewoe nye esia la, míeto míaƒe agbalẽwo dzi le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Tso keke ƒe 1939 me ke la, wona tanya míaƒe magazine vevitɔ be: Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe. Magazine sia ƒoa nu tso Fiaɖuƒea kple nu siwo wòava wɔ la ŋu edziedzi. Magazine si nye Nyɔ! hã tea gbe ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ. Mewɔ nuku o be magazine eve siawoe nye esiwo gɔme woɖe heta wu magazine bubu ɖe sia ɖe le xexea me!—Nyaɖ. 14:6.
3. Mɔnu siwo ŋu dɔ míewɔ tsɔ ɖe gbeƒã Fiaɖuƒea la dometɔ aɖewo ɖe?
3 Yehowa ƒe amewo wɔ mɔnu vovovowo ŋu dɔ tsɔ ɖe gbeƒã Fiaɖuƒea. Tsã la, míezã ʋu siwo tame nuƒomɔ̃wo le, radiodɔwɔƒewo kple agbaƒomɔ̃wo. Mɔnu mawo kpe ɖe mía ŋu míekaka nya nyuia wòɖo ame geɖe gbɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me esime Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo mede ha o. (Ps. 19:5) Egbea la, míeda nyatakakawo ɖe jw.org dzi, si wɔe be Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ɖo ame miliɔn geɖe gbɔ le dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le gɔ̃ hã.
4. Ðaseɖimɔnu tɔxɛ kawo ŋu dɔe míewɔna?
4 Yehowa ƒe amewo wɔ ɖaseɖimɔnu tɔxɛwo hã ŋu dɔ tsɔ kaka Fiaɖuƒe gbedeasia. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1990 ƒe domedomeewo la, míedze agbagba be míana tso aƒe me yi aƒe me dɔa natse ku geɖe wu to gbeƒãɖeɖe le modzakaɖebɔwo, ʋutɔɖoƒewo, kple asitsaƒewo me. Nyitsɔ laa la, míedze dugã me dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛa gɔme le dugãwo me le dukɔ vovovowo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hame geɖewo le kekevi kple kplɔ̃ siwo dzi woɖo agbalẽwo ɖo la zãm le dutoƒo ɖaseɖiɖidɔa me le teƒe siwo ame geɖe tona le woƒe anyigbamamawo me. Gake tso aƒe me yi aƒe me dɔa gakpɔtɔ nye mɔnu vevietɔ si dzi míetona ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea.—Dɔw. 20:20.
5. Mɔnukpɔkpɔ kae aʋu ɖi na mía dometɔ geɖe le subɔsubɔƒe yeyea me?
5 Ŋgɔgbea Kpɔkpɔ: Ame geɖe adze mɔɖeɖedɔa gɔme le subɔsubɔƒe yeye si adze egɔme tso September me la me. Wò hã àte ŋu akpɔ gome le emea? Ne màte ŋui o la, ɖe nàte ŋu anɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm ɣeaɖewoɣia? Ne mète ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa o gɔ̃ hã la, àte ŋu awɔ tɔwò si nua be nàkpɔ gome le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe, eye Yehowa ayra wò ɖe wò agbagbadzedzewo ta godoo.—Mal. 3:10.
6. Nu ka tae October 2014 anye ɣleti tɔxɛ na mí?
6 October 2014 anye ƒe 100 tso esime woɖo Fiaɖuƒea anyi. Eya ta esɔ ŋutɔ be Mawu Fiaɖuƒea koŋ ŋue ɣleti ma me Gbetakpɔxɔ si míana la ƒo nu tsoe. Ðe manyo ŋutɔ be nàma magazine sia na ame geɖe ale si nu nàte ŋui oa? Esime míele mɔ kpɔm na nu si etsɔme ahe vɛ la, mina mí katã míayi edzi ‘anɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gblɔm’ na ame siwo katã aɖo to.—Dɔw. 8:12.