Ƒe 1914-2014 Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Le ƒe 1922 me la, Nɔviŋutsu J.F. Rutherford gblɔ dzonɔamemetɔe be: “Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! . . . Miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la.” Ƒe 100 ye nye esia Fiaɖuƒea le dzi ɖum, eye eƒe nya mawo gadea dzo lãme na mí kokoko. Neva eme be míawɔ míaƒe ŋutete katã be míazã míaƒe Nyatakakadzraɖoƒea atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒea ŋu be August sia nanye dzinu ɖedzesi!