Zã jw.org Le Wò Gbeƒãɖeɖedɔa Me
Míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea nye dɔwɔnu vevi aɖe si kpena ɖe mía ŋu míekakaa nya nyuia “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Aƒemenɔla akpa gãtɔ mekena ɖe jw.org ŋu le wo ɖokui si o. Ke boŋ wova nyaa nu tso eŋu ne gbeƒãɖela aɖe he woƒe susu yi edzi.
Dzikpɔla mɔzɔla aɖe da video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? la ɖe eƒe asitelefon dzi eye wòwɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ ɖenɛ fiana amewo. Le kpɔɖeŋu me, ne ele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me la, egblɔna be: “Mele amewo srãm kpɔ be makpe ɖe wo ŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi etɔ̃ siwo nye: Nu ka tae kuxiwo bɔ ɖe xexea me alea gbegbe ɖo? Aleke Mawu akpɔ wo gbɔe? Kple aleke míate ŋu anɔ te ɖe wo nu fifia? Video kpui sia dzro biabia mawo me.” Eyome eɖea videoa na amea heléa ŋku ɖe ale si wòawɔ nui ŋu. Videoa hea ame ƒe susu ale gbegbe be ame geɖe nɔa ekpɔkpɔ dzi va se ɖe eƒe nuwuwu. Azɔ, dzikpɔla mɔzɔlaa gblɔna be: “Fifi laa koe wogblɔ le videoa me be àte ŋu azã Internet la atsɔ abia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye. Ke esi wònye be mele afi sia ta la, mate ŋu afia wò ale si míewɔnɛ la kpuie.” Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ la, ezãa Nya Nyui gbalẽ gbadza la tsɔ wɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kplii. Ne vovo mele aƒemenɔlaa ŋu o la, ewɔa ɖoɖo be yeava srɔ̃e kplii ne yegatrɔ yi. Ne eyi kɔfinoƒe be yeaɖi ɖe eme sẽe la, edzea dzeɖoɖo gɔme xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kple ame si xa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖo, eye wògblɔa nya mawo ke tɔgbi na eya hã. Ðe nèle jw.org la zãm le wò gbeadzisubɔsubɔdɔa mea?