Ha Yeye Siwo Míazã Le Tadedeagu Me!
1 Esi Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania wɔ ƒe sia ƒe takpekpea nyitsɔ laa le October 4, 2014 dzi la, woɖe gbeƒã ɖoɖo si wowɔ be woatrɔ asi le hadzigbalẽ si zãm míele fifia la ŋu. Dzidzɔnyae wònye vavã! Woɖo ŋku akpa vevi si wòle be Fiaɖuƒehawo nawɔ le míaƒe tadedeagu me la dzi na vavalawo katã.—Ps. 96:2.
2 Ðewohĩ àbia be, ‘Nu ka tae wòhiã be woatrɔ asi le hadzigbalẽa ŋu?’ Susu vovovowo tae. Gbã la, ale si míese Ŋɔŋlɔawo gɔmee la me le kɔkɔm ɖe edzi, eye esia biana be míatrɔ asi le míaƒe hawo me nyawo ŋu. (Lod. 4:18) Susu bubue nye esi: Hadzigbalẽ si li fifia la me nya geɖe nɔ te ɖe Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia xoxotɔ me nyawo dzi. Ele be woatrɔ asi le hagbe mawo ŋu azɔ be woawɔ ɖeka kple Biblia yeyea me nyawo. Esi wònye be asitɔtrɔ le hagbeawo ŋu be woasɔ ɖe gɔmesese si le mía si fifia nu alɔ dɔ geɖe ŋutɔ ɖe eme ta la, wotso nya me be woatsɔ ha yeye ʋɛ aɖewo akpe ɖe esiwo li la ŋu boŋ.
3 Ðe wòahiã be míalala woata hadzigbalẽ yeye hafi míadze ha yeyeawo dzidzi gɔmea? Kpao. Dzidzɔe wònye na mí be míana mianya be le ɣleti siwo gbɔna me la, míanɔ ha yeyeawo dam ɖe jw.org Nyatakakadzraɖoƒea. Le ɣleti siwo gbɔna me la, ne woɖe ha yeye ɖe go la, woaŋlɔ nya “ha yeye” ɖe haa ƒe tanyaa gbɔ eye woawɔ ɖoɖo be míadzii le Subɔsubɔ Kpekpea ƒe nuwuwu.
4 Ale Si Míasrɔ̃ Ha Yeyeawo: Ha yeye sɔsrɔ̃ bia agbagbadzedze. Ke hã le hame ƒe kpekpewo me la, míaƒe dzidzɔe wònye be míake gbe me adzi ha, ke menye be ‘míazi ɖoɖoe’ o. (Ps. 30:13) Àte ŋu azɔ ɖe mɔfiame bɔbɔe siawo dzi be nàsrɔ̃ ha yeye.
Ðo to haa si wotsɔ saŋku ƒo si woada ɖe míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe la zi gbɔ zi geɖe. Zi ale si nèle to ɖom haa la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo ŋku edzi.
Srɔ̃ hagbeawo eye nàdze agbagba alé wo ɖe susu me.
Ƒo ha la eye nàdzii akplɔe ɖo. Nɔ esia dzi va se ɖe esime haa ma wò.
Mito ha yeyeawo me vie le Ƒometadedeagua wɔɣi va se ɖe esime ƒomea te ŋu srɔ̃ edzidzi nyuie.
5 Ne ele ɖoɖowɔɖia dzi be míadzi ha yeye aɖe le Subɔsubɔ Kpekpea ƒe nuwuwu la, woaƒoe zi ɖeka hamea nase gbã. Eyome hamea adzi haa akplɔ haƒoƒoa ɖo, abe ale si ko míewɔnɛ le ha bubuawo gome ene.
6 Bu eŋu kpɔ ko. Hawo dzidzi le míaƒe kpekpewo me naa mɔnukpɔkpɔ mí be míakɔ gbe dzi ɖekae akafu Yehowa. Eya ta ne mehiã kokoko o la, mele be míanɔ go dom nenye be ɣeyiɣia de be míadzi ha le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o.
7 Mɔ bubu li si dzi míato aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe ha kɔkɔewo ŋu. Le takpekpe suewo kple gãwo me la, woƒoa ha míesena hafi kpekpea ƒe akpa vovovoawo dzea egɔme. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu veviedola siwo tso xexea ƒe dzogoe eneawo dzi la tsɔa woawo ŋutɔwo ƒe kotokumega zɔa mɔ yia Patterson, le New York zi eve le ƒe ɖeka me va ƒoa ha viviwo na mí be míazã le tadedeagu me. Eya ta ne zimenɔlaa gblɔ be míanɔ anyi ase ha siwo haƒohaa ƒo la, anyo be míawɔe nenema. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míadzra míaƒe dziwo ɖo ɖe nyawo sese ŋu.—Ezra 7:10.
8 Ha yeye si ƒe tanyae nye “Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!” ye míadzi atsɔ awu egbe ƒe kpekpea nu. Ha sia si woƒo le ƒe sia ƒe takpekpea me nyitsɔ laa la nye esi wokpa etɔxɛe le esi wònye ƒe 100 ye nye esia tso esime woɖo Fiaɖuƒea anyi ta.
9 Ha yeyeawo nye “nu nyuiwo” tso Yehowa gbɔ na mí vavã. (Mat. 12:35a) Mina míaɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ ha yeye siawo ahadzi wo tso dzi me be wòanye bubu kple kafukafu si dze la tsɔtsɔ na mía Mawu la!—Ps. 147:1.