Midzi Ha Na Yehowa!
‘Madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke ale si meli.’—PS. 146:2.
1. Esime David nye sɔhɛ la, nu kawoe ʋãe wòkpa eƒe hawo dometɔ aɖewo?
ESIME David nye sɔhɛ la, ezã gaƒoƒo gbogbo aɖewo tsɔ dzɔ fofoa ƒe alẽwo ŋu le gbedzi, le Betlexem nutoa me. Ne David le alẽawo ŋu dzɔm la, mɔnukpɔkpɔ sua esi wòléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnuku siwo nye dziƒoɣletiviwo, “gbemelãwo,” kple “dziƒoxeviwo” ŋu. Nu siwo wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be, eʋãe wòkpa kafukafuha lédzinamewo na nu wɔnuku mawo Wɔla. Míate ŋu akpɔ David ƒe ha siawo dometɔ geɖe le Psalmowo ƒe agbalẽa me egbea.a—Mixlẽ Psalmo 8:4, 5, 8-10.
2. (a) Dɔ kae haƒoƒo sese ate ŋu awɔ ɖe ame dzi? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ le Psalmo 34:8, 9 kple Psalmo 139:2-8 me tso ƒomedodo si nɔ David kple Yehowa dome ŋu?
2 Anɔ eme be, ɣeyiɣi mawo mee David tu eƒe hadzidzi kple haƒoƒo ƒe ŋutetewo ɖo nyuie. Le nyateƒe me la, eva bi ɖe wo me ale gbegbe be wokpee be wòava nɔ ha ƒom na Fia Saul. (Lod. 22:29) David ƒe haƒoƒowo na Fia la, si tɔtɔ vevie la, ƒe dzi dze eme, abe ale si ko haƒoƒo nyuiwo hã wɔna na amewo egbea ene. Ɣesiaɣi si David ƒo ha na Saul la, eƒe dzi dzea eme eye “ekana ɖe eme nɛ.” (1 Sam. 16:23) Ha siwo hadzila kple hakpala Mawu vɔ̃la sia kpa la gakpɔtɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi va de asi na egbea. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Ƒe 3,000 kple edzivɔwoe nye esi va yi, tso esime wodzi David, gake ame miliɔn geɖe siwo le anyigba ƒe teƒe vovovowo, siwo ƒe agbemenuteƒekpɔkpɔ le vovovo la xlẽa David ƒe hawo me nyawo edziedzi hena akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ.—2 Kron. 7:6; mixlẽ Psalmo 34:8, 9; 139:2-8; Amos 6:5.
Hadzidzi Wɔ Akpa Vevi Aɖe Le Tadedeagu Vavãtɔa Me
3, 4. Ðoɖo kawoe wowɔ le David ƒe ŋkekea me ku ɖe haƒoƒo kple hadzidzi kɔkɔewo ŋu?
3 Ŋutete ɖedzesi nɔ David si, eye ezã eƒe ŋutetea le mɔ nyuitɔ kekeake nu—etsɔe kafu Yehowa. Esi David va zu fia le Israel la, ewɔ ɖoɖo tsɔ hadzidzi kple haƒoƒo viviwo kpe ɖe avɔgbadɔa me subɔsubɔdɔwo ŋu. Wotia Lewi vi siwo katã wɔa subɔsubɔdɔ la ƒe akpa ewolia kple edzivɔwo—wo ame 4,000—siwo dome ame 288, siwo wona hehee be “woadzi ha na Yehowa, eye wo katã wonye hadzila bibiwo la” hã nɔ, eye wode dɔ asi na wo be woadzi “kafukafuha.”—1 Kron. 23:3, 5; 25:7, NW.
4 David ŋutɔ ye kpa ha siwo Lewi viwo dzina la dometɔ geɖe. Ha siwo David kpa la sese anya ʋã Israel vi ɖe sia ɖe si nɔ eteƒe esime wodzi wo la vevie godoo. Emegbe, esime wotsɔ nubablaɖaka la va Yerusalem la, “Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woanye hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.”—1 Kron. 15:16.
5, 6. (a) Nu ka tae wotsɔ hadzidzi kple haƒoƒo nu vevii le David ƒe dziɖuɣi nenema gbegbe ɖo? (b) Alekee míewɔ nya be wobua hadzidzi be enye tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe le blema Israel?
5 Nu ka tae wotsɔ hadzidzi kple haƒoƒo nu vevii le David ƒe ŋkekeawo me nenema gbegbe ɖo? Esi wònye be fia la ŋutɔ bi ɖe wo me ta koea? Ao, susu bubu aɖe, si wova ɖe ɖe go le ƒe alafa geɖe megbe, esime Fia Xizkiya gbugbɔ ɖo gbedoxɔa me subɔsubɔdɔawo anyi la tae. Míexlẽ le 2 Kronika 29:25 be: “Eɖo Lewi-viwo Yehowa ƒe aƒe la me, eye wolé gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ɖe asi le Dawid kple fia ƒe nukpɔla Gad kpakple nyagblɔɖila Natan ƒe sedede nu, elabena Yehowa ye de se la to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.”
6 Ɛ̃, Yehowa to eƒe nyagblɔɖilawo dzi gblɔ na esubɔlawo be woatsɔ hadzidziwo akafu ye. Hadzila siwo tso nunɔlawo ƒe toa me la mewɔa dɔ bubu aɖewo siwo wobia tso Lewi vi bubuwo si o, ale be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe hakpakpa kple vevietɔ, ɖe hawo sɔsrɔ̃ ŋu.—1 Kron. 9:33.
7, 8. Le Fiaɖuƒea ƒe hawo dzidzi gome la, nu kae le vevie wu ŋutete tɔxɛ ƒe amesinɔnɔ?
7 Gake ɖewohĩ àgblɔ be: “Ne wole hadzidzi ƒe nya gblɔm la, nyemexɔe se kura be woabum ɖe hadzila bibi siwo dzia ha le avɔgbadɔa me la dome gbeɖe o!” Gake menye Lewi viwo katãe nye hadzila bibiwo o. Le 1 Kronika 25:8 ƒe nya nu la, ‘hasrɔ̃lawo’ hã nɔ anyi. Nu bubu aɖe si hã ŋu wòle be míabue nye be, hakpala kple hadzila bibiwo ate ŋu anɔ Israel to bubuawo hã me, gake Lewi viwoe Yehowa tsɔ hadzidzidɔa de asi na. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be, woɖanye “hadzila bibiwo” alo ‘ame siwo le hadzidzi srɔ̃m’ o, Lewi vi wɔnuteƒe siwo katã dzia ha kafua Mawu la kpɔ gome le eme kple woƒe dzi blibo.
8 David lɔ̃ hadzidzi kple haƒoƒo eye wòbi ɖe wo me. Gake ŋutete tɔxɛ ƒe amesinɔnɔ koe le vevie na Mawua? David ŋlɔ le Psalmo 33:3 be: “Midzi ha yeye nɛ; mitɔ asi kaawo nu kple [miaƒe] ŋusẽ [katã]!” Nya sia me kɔ nyuie: Nu si le vevie ye nye be míakafu Yehowa kple ‘míaƒe ŋusẽ katã.’
Akpa Si Hadzidzi Wɔ Le David Ƒe Ŋkekea Megbe
9. Ne ɖe ènɔ Salomo ƒe dziɖuɣi eye nènɔ eteƒe esime wokɔ gbedoxɔa ŋu la, nu kae nàse eye nu ka teƒee nàkpɔ?
9 Le Salomo ƒe dziɖuɣi la, wodzia ha le tadedeagu dzadzɛa me geɖe ŋutɔ. Le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la, haƒolawo ƒe ha blibo la katã, siwo dome kpẽkula 120 nɔ la nɔ eteƒe. (Mixlẽ 2 Kronika 5:12.) Biblia la gblɔ na mí be ‘kpẽkulawo [siwo katã nye nunɔlawo] kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe nɛ zi ɖeka yoo, . . . eye wokafu Yehowa be: eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.’ Esi dzidzɔha ma de dzi ko la, “tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xɔ la,” si ɖee fia be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Aleke wòado dzidzɔ na amee enye esi, eye aleke gbegbe wòawɔ dɔ ɖe ame dzii enye esi be wòasee kpẽawo katã kple hadzila akpe geɖeawo ƒe gbe nade dzi zi ɖeka yoo!—2 Kron. 5:13.
10, 11. Nu kae ɖee fia be Kristotɔ gbãtɔwo dzia ha le tadedeagu me?
10 Kristotɔ gbãtɔwo hã zã hadzidziwo le tadedeagu me. Le nyateƒe me la, tadeagula siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me la kpena le amewo ƒe aƒewo me, ke menye le gbedoxɔwo alo avɔgbadɔwo me o. Le yometitiwo kple susu bubu aɖewo ta la, nɔnɔme siwo me wowɔa kpekpewo le la medea wo dzi tututu o. Ke hã, Kristotɔ mawo kafu Mawu le hadzidziwo me.
11 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔ siwo nɔ Kolose la be: “Miyi edzi . . . mianɔ nu xlɔ̃m mia nɔewo kple psalmowo, Mawu kafukafu nyawo, [kple] gbɔgbɔmehawo le dɔmekɔkɔ me.” (Kol. 3:16) Esi wolé Paulo kple Sila de gaxɔ me la, ‘wonɔ gbe dom ɖa henɔ ha dzim nɔ Mawu kafum,’ togbɔ be hadzigbalẽ aɖeke menɔ wo si o hã. (Dɔw. 16:25) Ne wolé wò de gaxɔ me la, míaƒe Fiaɖuƒehawo dometɔ nenie nàte ŋu adzi tso susu me?
12. Alekee míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe Fiaɖuƒehawo ŋu?
12 Esi wònye be míebua hadzidzi nu vevii le míaƒe tadedeagu me ta la, anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe medea asixɔxɔ si dze la eŋua? Ðe mewɔa nye ŋutete katã be maɖo kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo ɖe game dzi be mawɔ ɖeka kple nɔviwo le hadzidzi si woatsɔ adze egɔmee la mea? Eye ɖe medzia haawo kple seselelãmea? Ðe mefia vinyewo be woagabu ha si míedzina le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe nuwuwu tsɔ dzea Subɔsubɔ Kpekpea gɔme alo esi míedzina le dutoƒonuƒoa ƒe nuwuwu tsɔ dzea Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a gɔme be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoatso le yewoƒe zikpuiwo dzi madzemadzee, ɖewohĩ be yewoate afɔkame vie ko oa?’ Hadzidzi nye míaƒe tadedeagua ƒe akpa aɖe. Ɛ̃, míeɖanye “hadzila bibiwo” alo ‘hasrɔ̃lawo’ o, mí katã míate ŋu awɔ ɖeka akɔ gbe dzi adzi kafukafuha na Yehowa—eye ele be míawɔe hã.—Tsɔe sɔ kple 2 Korintotɔwo 8:12.
Míewɔa Tɔtrɔwo Le Ale Si Ɣeyiɣia Bia Nu
13, 14. Aleke gbegbee hadzidzi tso dzi blibo me le hamea ƒe kpekpewo me le vevie? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
13 Ƒe 100 kple edzivɔwoe nye esia la, Zion’s Watch Tower ɖe susu ɖeka aɖe si tae míaƒe Fiaɖuƒehawo le vevie alea gbegbe ɖo la me. Egblɔ be: “Nyateƒea ƒe hawo dzidzi nye mɔ nyui aɖe si dzi Mawu ƒe amewo ato aƒã nyateƒea ɖe woƒe susuwo kple dziwo me.” Woɖe míaƒe hawo me nyagbe akpa gãtɔwo tso Ŋɔŋlɔawo me, eya ta míaƒe ha aɖewo ya teti me nyawo sɔsrɔ̃ ɖe susu me anye mɔ nyui aɖe si dzi míato ana nyateƒea nage ɖe míaƒe dziwo ƒe gogloeƒe ke. Zi geɖe la, ale si hamea me tɔwo dzia ha tso dzi blibo me la wɔ dɔ ɖe ame siwo va míaƒe kpekpewo zi gbãtɔ la dzi vevie.
14 Le ɣetrɔ aɖe me, le ƒe 1869 me, esi C. T. Russell trɔ tso dɔ me yina aƒe me la, esee ame aɖewo nɔ ha dzim le xɔtexɔ gã aɖe me. Ɣemaɣi la, dzi ɖe le eƒo be yemate ŋu ake ɖe nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu gbeɖe o. Eya ta eɖoe be yeaƒo ye ɖokui ɖe yeƒe asitsadɔa me hesusui be ne yekpɔ ga la, yeazãe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu ya teti, nenye be yemate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanya Mawu o hã. Nɔviŋutsu Russell ge ɖe xɔtexɔ si me tsyɔ heƒo ɖi eye wòyɔ fũu kple ʋuʋudedi la me, eye wòkpɔe be wole subɔsubɔwɔna aɖe wɔm le afi ma. Ebɔbɔ nɔ anyi heɖo to. Eŋlɔ emegbe be nu siwo yese zã ma me la ɖeɖe “de be Mawu natsɔ ado ŋusẽ yeƒe xɔse si gbɔdzɔ la be yeayi edzi axɔ edzi se be Biblia la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” De dzesii be, gbã la, hadzidzi lae he Nɔviŋutsu Russell wòyi ƒuƒoƒe ma.
15. Numekɔkɔ yeye kawoe na wòva dze ƒãa be ehiã be míawɔ asitɔtrɔ le míaƒe hadzigbalẽa ŋu?
15 Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ale si míese Ŋɔŋlɔawo gɔme la me gakɔna ɖe edzi wu. Lododowo 4:18 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.” Nyateƒea ƒe kekeli si le kɔkɔm ɖe edzi la wɔnɛ be míeva wɔa asitɔtrɔwo le ale si ‘míedzia nyateƒea ƒe hawoe’ ŋu godoo. Ƒe 25 aɖewoe nye esi va yi la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ geɖe me la se vivi le hadzigbalẽ si ƒe tanyae nye Midzi Kafukafuhawo na Yehowa la zazã me.b Tso ƒe si me woɖe hadzigbalẽ ma ɖe go me la, kekelia nɔ kɔkɔm ɖe edzi ku ɖe míaƒe nufiafia aɖewo ŋu, eye esia wɔe be nyagbɔgblɔ aɖewo siwo míezã le hadzigbalẽ ma me la megasɔ ɖe ɣeyiɣia nu o. Le kpɔɖeŋu me, fifia la, míegagblɔna be “woaʋli” Yehowa ƒe ŋkɔ “ta” o, ke boŋ be “woakɔ eŋu.” Eme kɔ ƒãa be, le ale si míaƒe nufiafiawo le fifia nu la, eva hiã be míatrɔ asi le hadzigbalẽ ma ŋu.
16. Alekee míaƒe hadzigbalẽ yeyea akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo le Efesotɔwo 5:19 dzi?
16 Le susu sia kple bubuwo ta la, Dziɖuha la na wota hadzigbalẽ yeye si ƒe tanyae nye Midzi Ha Na Yehowa. Esi wònye be woɖe hadzidziawo dzi kpɔtɔ eye hadzidzi 135 koe le hadzigbalẽ yeyea me, eye 55 koe le Eʋegbe hadzigbalẽa me gbɔ, ta la, efia be ha ʋɛ aɖewo koe wòle be míasrɔ̃. Anya wɔ na mí bɔbɔe wu be míasrɔ̃ haawo ahalé wo dometɔ aɖewo me nyawo ɖe susu me. Esia wɔ ɖeka kple aɖaŋu si Paulo ɖo le Efesotɔwo 5:19.—Xlẽe.
Àte Ŋu Aɖe Ale Si Hawo Do Dzidzɔ Na Wòe La Afia
17. Le hadzidzi le hamea ƒe kpekpewo me gome la, nu ka ŋu bubue ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu vɔvɔ̃ na ŋukpe dzi?
17 Ðe míaɖe mɔ vɔvɔ̃ be míava ɖu ŋukpe nawɔe be míagbe hadzidzi le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo mea? Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ: Ne míele nu ƒom gbe sia gbe la, ɖe menye nyateƒe be “míewɔa vodada zi geɖe” oa? (Yak. 3:2) Ke hã, míeɖea mɔ míaƒe nuƒoƒo si mede blibo o la xea mɔ na mí be míagakafu Yehowa le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me o. Ekema nu ka tae míaɖe mɔ be míaƒe gbe madebliboawo naxe mɔ na mí be míagadzi ha akafu Mawu o? Yehowa, ame si “wɔ nu na ame” la, kpɔa dzidzɔ ne esee míekɔ míaƒe gbe dzi dzi kafukafuhawo nɛ.—2 Mose 4:11.
18. Gblɔ mɔ siwo dzi míate ŋu ato asrɔ̃ hadzidziawo me nyawo la dometɔ aɖewo.
18 CD siwo ƒe tanyae nye Sing to Jehovah—Vocal Renditions (MUSIQUE — Chœur 1, Chantons à Jéhovah), siwo dzi Fiaɖuƒeha siwo wodzi kple nu le la le gbegbɔgblɔ geɖe me. Wonye haƒoƒo vivi, siwo haƒolawo ƒe ha gã aɖe ƒo eye hadziha aɖe dzi ha yeyeawo ɖe wo dzi wolé ɖe CD-awo dzi. Ha yeye mawo sese ado dzidzɔ na wò ŋutɔ. Nɔ wo ƒom nànɔ sesem edziedzi; esia awɔe be, eteƒe madidi o, àva nya ha yeyeawo dometɔ aɖewo me nyawo nyuie. Woŋlɔ hadzidziawo me nyawo le mɔ aɖe nu ale be, ne ènya dzi fli gbãtɔ ko la, àte ŋu akpɔ nya siwo akplɔe ɖo la le susu me. Eya ta ne èle CD-awo ƒom la, ɖe manyo be nàtsɔ wò hadzigbalẽa anɔ hawo dzim ɖekae kple hadziha la oa? Ne èsrɔ̃ hadzidziawo me nyawo le aƒe me woma wò nyuie eye nènya ale si woƒo ha ɖe wo dzii la, ɖikeke mele eme o be àte ŋu adzi ha kple kakaɖedzi geɖe wu le Fiaɖuƒe Akpata me.
19. Dɔ kawoe asitɔtrɔ le míaƒe Fiaɖuƒeha siwo wotsɔ haƒonuwo ƒo ŋu lɔ ɖe eme?
19 Ele bɔbɔe be míabu haƒoƒo vivi, siwo woƒona le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo me, doa ŋgɔ na ɖoɖowɔɖiawo gɔmedzedze la nu tsɛe. Asitɔtrɔ le haƒoƒo siawo ŋu biaa dɔ geɖe wɔwɔ. Hafi woaƒo ha siawo alé ɖe mɔ̃ dzi la, gbã la, wotiaa wo me. Ne wotia esiwo woaƒo vɔ la, wogbugbɔ ŋlɔa haawo ɖe ale si Gbetakpɔxɔ habɔbɔa ƒe haƒola 64-awo atsɔ haƒonuwo aƒo woe la nu. Haƒolaawo zãa gaƒoƒo manyaxlẽ aɖewo tsɔ srɔ̃a haawo le wo ɖokuiwo si, emegbe la, wova toa wo me ɖekae; eye mlɔeba, wova ƒoa wo heléa wo ɖe mɔ̃ dzi le Patterson, New York. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo dometɔ ewo mele United States (Amerika) dukɔa o. Wo katã wobunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoakpɔ gome le asitɔtrɔ le haƒoƒo vivi siwo míeƒona le teokrasi wɔnawo me ŋu la me. Míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe agbagba siwo wodze lɔlɔ̃tɔe la ta. Ne míeyi takpekpe suewo kple gãwo eye takpekpea ƒe zimenɔla kpe mí be míadi teƒe anɔ anyi ahaɖo to haƒoƒo siwo ŋu wotrɔ asi le na mí lɔlɔ̃tɔe alea la, anyo be míanɔ anyi enumake aɖo to haƒoƒoawo le ɖoɖoezizi me.
20. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
20 Yehowa sea kafukafuha siwo míedzina nɛ la. Edea asixɔxɔ wo ŋu. Ɣesiaɣi si míekpe na tadedeagu la, míakɔ míaƒe gbe dzi adzi ha tso dzi blibo me atsɔ ado dzidzɔ na eƒe dzi. Ɛ̃, míeɖanye hadzila bibiwo alo hasrɔ̃lawo o, mina ‘míadzi ha na Yehowa’!—Ps. 104:33.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nukutɔe la, ƒe alafa ewo le David ƒe ku megbe la, mawudɔlawo ƒe ha gã aɖe ɖe gbeƒã Mesia la ƒe dzidzi na alẽkplɔla aɖewo, siwo hã nɔ gbedzi le Betlexem nutoa me, nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm.—Luka 2:4, 8, 13, 14.
b Hadzigbalẽ bliboa, si me hadzidzi 225 nɔ la, nɔ gbegbɔgblɔ siwo wu 100 me.
Nu Kae Nye Wò Susu?
• Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be hadzidzi le vevie le míaƒe tadedeagu me?
• Ðekawɔwɔ kae le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe se si le Mateo 22:37 dzi kpakple Fiaɖuƒehawo dzidzi kple dzi blibo dome?
• Mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be míedea asixɔxɔ Fiaɖuƒehawo ŋu vavã la dometɔ aɖewo ɖe?
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ðe nèxlɔ̃a nu viwòwo be woaganɔ tsotsom le hadziɣiwo madzemadzee oa?
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Èle míaƒe ha yeyeawo srɔ̃m le aƒe mea?