Ale Si Míaɖi Ðase Le Dutoƒo Ne Míele Kekevi Alo Kplɔ̃ Zãm
Kekevi kple kplɔ̃ siwo dzi woɖo agbalẽwo ɖo zazã le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me le ku tsem ale gbegbe hele dzianukwaretɔwo hem ɖe nyateƒea ŋu. (Yoh. 6:44) Eya ta míele dzi dem ƒo na hamemetsitsiwo be woawɔ ɖoɖo ne hamea nawɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa le woƒe anyigbamamaa ƒe akpa siwo ame gbogbowo tona. Esi menye ɖe wotu kekevi siwo dzi woɖo agbalẽwo ɖo la ɖe teƒe ɖeka o ta la, zi geɖe la mehiã be woaxɔ mɔɖegbalẽ tso fiahawo gbɔ o. Ame kawoe dze awɔ dɔ sia? Woawoe nye gbeƒãɖela siwo bua nuwo ŋu nyuie, siwo dzrana ɖo bubutɔe, eye wonya dzeɖoɖo kple ame. Nu siwo wòle be gbeƒãɖelawo nawɔ kple nu siwo mele be woawɔ o ale be woakpɔ dzidzedze ƒe ɖewoe nye esiwo gbɔna.