Wò Susu Nènɔ Amewo Wɔwɔ Nusrɔ̃lawoe Ŋu
1. Nu kae ana be amewo nakpɔ ɖeɖe?
1 Ƒe 2014 subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubu ɖe dzonɔameme kple didi vevi si le Mawu ƒe amewo me ku ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nya nyuia ŋu fia. (Mat. 24:14) Míeto tso aƒe me yi aƒe me, gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ siwo míewɔna tsɔ maa traktwo kple amekpegbalẽviwo kpakple dutoƒoɖaseɖiɖidɔa dzi na Biblia me gbedeasia le ame geɖe gbɔ ɖom fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Ke hã, hafi amewo nakpɔ ɖeɖe la, ele be míakpe ɖe wo ŋu woazu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo to Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo dzi.—1 Tim. 2:4.
2. Nyabiase kawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu?
2 Nɔ Ŋudzɔ Ɣesiaɣi Be Nàdo Nusɔsrɔ̃ Ðe Amewo Gbɔ: Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, ɖe nèdzea agbagba xɔa eƒe adrɛs hetrɔna yia egbɔ kaba kple susu be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplia? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèfia ame aɖe ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ le yiyi zi gbãtɔ me? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame siwo le wò magazine ƒe ademɔ dzi la gbɔ? Ðe nèɖe video siwo nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? kple Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e? na dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, aƒelikawo, ƒometɔwo kple ame nyanyɛwoa? Ne èle dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔm, eye ame aɖe va xɔ agbalẽ siwo míetsɔna wɔa nusɔsrɔ̃ kple amewo dometɔ aɖe la, ɖe nègblɔna na wo be míetsɔnɛ wɔa aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewo femaxeea?
3. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu afia nyateƒea amewo dzidzedzetɔe?
3 Yehowa Kple Yesu Akpe Ðe Mía Ŋu: Nya si Yesu gblɔ be “miheyi,” tsɔ dze se si wòde be ‘woawɔ nusrɔ̃lawo’ gɔme la, fia be ele be míaku kutri, eye míado nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ. Ke hã, megblẽ mí ɖi o, edo ŋugbe be yeanɔ kpli mí. (Mat. 28:19, 20) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, dɔwɔnu kple hehe siwo míehiã be míate ŋu afia nyateƒea amewo la mí. (Zak. 4:6; 2 Kor. 4:7) Míate ŋu ado gbe ɖa hã be Mawu nana “didia kple ŋusẽ” mi be míawɔ dɔ vevi sia.—Flp. 2:13.
4. Nu ka tae wòle be míana míaƒe susu nanɔ amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe ŋu?
4 Gbeƒãɖeɖe nya nyuia nana míekpɔa dzidzɔ geɖe. Ke hã dzi gadzɔa mí wu ne míefia nyateƒea ame aɖe hekpe ɖe eŋu wòva le ‘mɔ si kplɔa ame yia agbe me’ la dzi kpli mí. (Mat. 7:14; 1 Tes. 2:19, 20) Vevietɔ wu la, ne míena míaƒe susu le amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe ŋu la, míado dzidzɔ na Yehowa elabena “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—2 Pet. 3:9.