Nɔ Ŋudzɔ Ɣesiaɣi Be Nàdo Nusɔsrɔ̃ Ðe Amewo Gbɔ
1. Nu kae dɔ si Yesu de asi na mí le Mateo 28:19, 20 la bia?
1 Yesu de dɔ asi na mí be “[míawɔ] nusrɔ̃lawo . . . , miafia nu wo.” (Mat. 28:19, 20) Eya ta míedi be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi be míado nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ, ke menye le Memleɖagbe alo Kwasiɖagbe si hamea ɖo ɖi koŋ be míatsɔ ado nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ la ko dzi o. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la akpe ɖe mía ŋu be míawɔ esia.
2. Ame kawo gbɔe míate ŋu ado nusɔsrɔ̃ ɖo?
2 Doe Ðe Wo Gbɔ Tẽe: Zi ale si míedoa Biblia sɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ tẽe la, zi nenemae mɔnukpɔkpɔ geɖe aʋu ɖi be míadze nusɔsrɔ̃ gɔme. (Nyagb. 11:6) Ète mɔnu sia kpɔ kpɔa? Hame aɖe ku kutri le Amerika be yewoate mɔnu sia kpɔ ɣleti ɖeka sɔŋ! Kpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ woe ɖa, esi wodze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame 42 sɔŋ! Mègatsɔe be ɖetsɔlemetɔ siwo gbɔ nàyi la ŋutɔ nyae xoxo be míesrɔ̃a Biblia kple amewo o. Ne ègatrɔ yi wo gbɔ ɣebubuɣi la, ɖe manyo be nàdoe ɖa be yeasrɔ̃ Biblia kpli wo oa? Ne wogbe hã la, menye nya gã aɖekee ma o ɖe! Yi edzi nànɔ ɖetsɔlemea tum ɖo. Èbia wò aƒelikawo, ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo kpɔ be woadi be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo hã? Àte ŋu abia ame siwo nèsrɔ̃a nu kplii xoxo la be, ɖe wo xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖewo hã adi be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo hã.
3. Dɔwɔnu nyui kae le mía si míate ŋu atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo, eye ɣekaɣiwoe míate ŋu azãe?
3 Dɔwɔnu Nyui Aɖe: Dɔwɔnu nyui aɖe si nàte ŋu azã atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewoe nye trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? Àte ŋu atsɔ ɖeka ana aƒemenɔlaa ne exɔ agbalẽ bubu xoxo hã. Àte ŋu anae ne èle gbeƒã ɖem le dɔwɔƒewo kple fiasewo me, le ablɔ dzi, ne èle lɛta ɖom ɖe amewo, alo nètrɔ yi ame siwo nèɖe gbeƒã na la gbɔ. Àte ŋu agblẽe ɖi na ame siwo mètu le aƒe me o hã. Ðe manyo be nàtsɔ ɖe ɖe asi ne èle ʋu me, le asi ƒlem, alo le dɔ me oa? Trakt la ƒe axa mamlɛtɔ ƒo nu tso Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu, eye wòhe susu yi Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa dzi.
4. Aleke míate ŋu azã trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee?
4 Ne ètsɔ trakt la na amea vɔ la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi nyabiase siwo le eƒe axa gbãtɔa dzi ahabiae se be: “Nyabiase siawo dometɔ ka ƒe ŋuɖoɖoe nàdi be yeanya?” Emegbe mia kplii midzro ŋuɖoɖoa me le trakt la me, eye nàxlẽ nya siwo le axa mamlɛtɔ ku ɖe ale si míesrɔ̃a nu kple amewoe ŋu, alo nàgbugbɔ wo agblɔ le wò ŋutɔ wò nyagbewo me nɛ. Àte ŋu atsɔ nya bubu siwo ku ɖe nya si ŋu mieɖo dzea tsoe ŋu la afiae le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me, eye nàtsɔ agbalẽa anae ahawɔ ɖoɖo kplii be yeatrɔ ava ne yewoayi numedzodzroa dzi.
5. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi be míado nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ?
5 Ame geɖewo gale míaƒe anyigbamamaa me, siwo le didim be yewoanya nu si tututu Biblia fia. Ne míenɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi be míado nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ la, mɔnukpɔkpɔ geɖewo aʋu ɖi na mí, si ana míakpɔ dzidzɔ be míawo hã míekpe ɖe amewo ŋu wova le agbemɔ la dzi.—Mat. 7:13, 14.